Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Maremagnum/Corbis Documentary via Getty Images

NƆ ŊUDZƆ!

Ðe Armagedon-ʋaa Adze Egɔme Le Israela?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe Armagedon-ʋaa Adze Egɔme Le Israela?—Nya Kae Biblia Gblɔ?

 Le Biblia ƒe nya nu la, Armagedon menye aʋa si woawɔ le nuto aɖe ko me o, ke boŋ enye aʋa si ayi edzi le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le xexea me godoo kple Mawu dome.

  •   “Wonye nya siwo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ . . . eye woyia anyigba blibo la dzi fiawo gbɔ be woaƒo wo nu ƒu hena Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ. . . . Woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe si woyɔna le Hebrigbe me be, Armagedon.”—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

 Woɖe nya “Armagedon” tso Hebrigbe me nya si nye Har Meghid·dohnʹ, me, eye egɔmee nye “Megido To.” Megido nye du aɖe si nɔ blema Israel. Le esia ta la, ame aɖewo susui be woawɔ Armagedon-ʋaa le Israel. Gake Megido alo Titina Ɣedzeƒe nutoa ƒe akpa aɖeke melolo nenema gbegbe ne “anyigba blibo la dzi fiawo” kple woƒe aʋakɔwo katã naƒo ƒu ɖo o.

 Wozã “dzesiwo” tsɔ ɖɔ nuwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, si fia be wogblɔ nyawo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo nu. (Nyaɖeɖefia 1:1) Eya ta menye du alo teƒe aɖe koŋue Armagedon nye o. Ke boŋ nu si wòfiae nye be anyigba dzi dukɔwo katã awɔ ɖeka atsi tre ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu zi mamlɛtɔ.—Nyaɖeɖefia 19:11-16, 19-21.