Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI WOZÃA WÒ NUDZƆDZƆWOE

Wowɔ Videokadodowo Na Hame Ƒe Kpekpewo

Wowɔ Videokadodowo Na Hame Ƒe Kpekpewo

JUNE 26, 2020

 Le xexea me godooa, dziɖuɖuwo bia tso amewo si be woanɔ adzɔge vie tso wo nɔewo gbɔ, eye womeɖe mɔ be amewo naƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka o. Yehowa Ðasefowo dze agbagba le zɔzɔm ɖe mɔfiame siawo dzi, gake woto mɔnu bubu siwo ana woanɔ dediea dzi le woƒe subɔsubɔwɔnawo wɔm. Mɔnu siwo hamewo zãna tsɔ wɔa woƒe kpekpewo dometɔ ɖekae nye Zoom videokadododɔwɔnua.

 Be woate ŋu awɔ kpekpe siawo edziedzi kwasiɖa sia kwasiɖaa, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha wɔ ɖoɖo be woazã ga si wodzɔna ƒe ɖe atsɔ aƒle Zoom account na hamewo. Ðoɖo sia kpe ɖe hame siwo mate ŋu aƒle Zoom account si xɔ abe $15-$20 ene alo esi wu nenema o la ŋu ale gbegbe. Do ŋgɔ la, hamewo zãa videokadododɔwɔnu bubuwo. Togbɔ be wokpɔ dɔwɔnu siawo femaxee hã, kuxi si le wo ŋu ye nye be ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu age ɖe videokadodoa dzi, eye dedienɔnɔ va nyea kuxi. Gake fifia, Zoom account si habɔbɔa ƒle la kpena ɖe hamewo ŋu be wotea kpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ bɔbɔe, eye ame gbogbo aɖewo tea ŋu gena ɖe kpekpeawo me. Hame siwo wu 65,000 le dukɔ 170 me ye le habɔbɔa ƒe Zoom account la zãm fifia.

 Kairagi Hame si le Indonesia dzudzɔ videokadododɔwɔnu bubuwo zazã eye wova le habɔbɔa ƒe Zoom account la zãm. Nɔviŋutsu Hadi Santoso gblɔ be: “Hamea me tɔ siwo menya elektrɔnikmɔ̃wo zazã nyuie oa le dzidzɔ kpɔm ɖe ɖoɖo yeye sia ŋu ale gbegbe, elabe fifia, zi ɖeka koe wogena ɖe kpekpea me, tso eƒe gɔmedzedze va ɖo nuwuwu.”

 Lester Jijón, Jr., si nye hamemetsitsi le Guayacanes Oeste Hamea me le Ecuador gblɔ be: “Asesẽ na hamewo be woaƒle Zoom license hafi hame bliboa nate ŋu awɔ kpekpeawo le mɔ̃ dzi, elabe ganyawo mede nɔviawo dzi tututu o. Gake Zoom account si habɔbɔa ƒlea wɔe be ame geɖe ate ŋu age ɖe kpekpea me. Esia wɔe be míete ŋu kpea ame gbogbo aɖewo na míaƒe kpekpeawo faa.”

 Johnson Mwanza, si nye hamemetsitsi le Ngwerere North Hamea me le Zambia gblɔ be: “Hamea me tɔwo gblɔna edziedzi be, ‘Zoom videokadodo ƒe ɖoɖo si habɔbɔa wɔa na míekpɔa mía nɔviwo le kpekpeawo me, eye mía kpli wo dome le kplikplikpli, eye ena míekpɔe hã be Yehowa lɔ̃ mí eye wòle be lém na mí.’”

 Ga si wodzɔna be woatsɔ ana kpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖoa ƒe ɖee habɔbɔa zãna tsɔ ƒlea Zoom account la. Ga siawo nye nu siwo amewo ƒe dzi ʋã wo wodzɔ faa be woatsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Zi geɖe la, donate.isa4310.com dzie wotona dzɔa ga siawo. Míedaa akpe na mi ɖe nu siwo katã miedzɔna faa tsɔ kpea asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu le xexea me godoo la ta.—2 Korintotɔwo 8:14.