Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 AGBEMEŊUTINYA

Megbɔdzɔ Gake Ŋusẽ Le Ŋunye

Megbɔdzɔ Gake Ŋusẽ Le Ŋunye

Ame aɖeke makpɔ nye ame beli sia le bunɔkeke me ahasusu be ŋusẽ le ŋunye o, elabena nye kpekpeme nye kilogram 29 pɛ ko. Gake esi nye ametia le gbɔdzɔgbɔdzɔm la, ŋusẽ si le ememe la léam ɖe te. Na maɖe nu si tae togbɔ be menye ame beli hã megblɔ be ŋusẽ le ŋunye la me.

Esi mexɔ ƒe ene

Ne meɖo ŋku nye ɖevime dzi la, mekpɔnɛ be menye ɖevi si dzi dzɔna ŋutɔ; míenɔ aƒe kotoe aɖe me le kɔƒedu aɖe me le France ƒe anyiehe, afi si dzinyelawo nɔ. Fofonye wɔ segblesegble nam, eye melɔ̃a duƒuƒu le míaƒe abɔ me. Le ƒe 1966 me la, Yehowa Ðasefowo vaa mía ƒe me va dzroa Biblia me kple fofonye gaƒoƒo geɖe. Le ɣleti adre ko megbe la, etso nya me be yeazu Ðasefo. Eteƒe medidi o, danye hã zu Ðasefo, eye wonyim le ƒome si me dzidzɔ le me.

Esi míetrɔ yi mía de Spain megbe kpuie koe nye kuxiwo dze egɔme. Nye alɔtinuwo kple afɔkɔewo va nɔ veyem vevie. Esi míetsa le ɖɔktawo dzi ƒe eve sɔŋ megbe la, míeva ke ɖe ŋuɖuidɔŋutinunyala bibi aɖe ŋu, eye wògblɔ moveviɖoɖotɔe be, “Etsi megbe akpa.” Tete danye te avifafa. Yevugbe me nya gãgãwo, abe “autoimmune chronic illness” (dɔlélenutsiŋutete ƒe nugbegblẽ le lãmenugbagbeviwo ŋu) kple “juvenile polyarthritis” * (ŋuɖui si ɖea fu na ɖeviwo) ene ko sem menɔ le xɔ fafɛ ma si me fu kpii la me. Togbɔ be ƒe ewo pɛ koe mexɔ eye nyemese nu geɖe gɔme o hã la, mekpɔe be nya vɔ̃ aɖee wòanye.

Ðɔktaa gblɔ be anyo be woakplɔm ayi ɖevi dɔnɔwo dzi kpɔƒe. Esi míeɖo afi ma eye mekpɔe be teƒea nye xɔ aɖe si womeɖo atsyɔ̃ na kura o la, nye nu wɔ nublanui na ɖokuinye. Mía dzi kpɔlawo ƒe asi sẽ ɖe mía dzi: Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo kpa ɖa nam eye wodo awu miloo aɖe la nam. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam eye megblɔ le susu me be, ‘Ðe mate ŋu anɔ afi sia?’

YEHOWA KPE ÐE ŊUNYE

Esi dzinyelawo fiam be Yehowae wòle be míasubɔ ta la, megbe be nyemakpɔ gome le Katolikotɔwo ƒe subɔsubɔkɔnuwo me le dɔnɔdzikpɔƒea o. Nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo mete ŋu se nu si tae megbe ɖo la gɔme o. Meɖe kuku na Yehowa be megagblẽm ɖim o, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mekpɔe be ele tanye kpɔm. Esia na mese le ɖokuinye me abe ɖe wòkpla asi kɔ nam abe ale si vifofo kplaa asi kɔ na via lɔlɔ̃tɔe ene.

Woɖe mɔ na dzinyelawo be woava srãm kpɔ le Memleɖagbewo, gake womanɔ anyi wòadidi o. Wotsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo vɛ nam be manɔ xexlẽm be wòado  ŋusẽ nye xɔse. Le ɖoɖoa nu la, womeɖe mɔ be agbalẽ aɖeke nanɔ mí ɖeviawo si o, ke hã, mía dzi kpɔlawo ɖe mɔ na nye ya be agbalẽwo kple Biblia, si mexlẽna gbe sia gbe la, nanɔ asinye. Meɖoa dze tso mɔkpɔkpɔ si le asinye be mava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi, afi si ame aɖeke magadze dɔ le o, la ŋu na mía tɔ nyɔnuviawo. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Togbɔ be meléa blanui eye metsia akogo ɣeaɖewoɣi hã la, edzɔ dzi nam be nye xɔse nɔ sesẽm ɖe edzi eye meva ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.

Ɣleti ade sɔŋ megbe la, ɖɔktawo ɖe asi le ŋunye be matrɔ ayi aƒe me. Nye dɔlélea mevɔ ya o, ke hã dzi dzɔm ŋutɔ be megbɔ va dzinyelawo gbɔ. Nye ƒunukpeƒeewo gava gblẽ ɖe edzi, eye esia na mese veve ale gbegbe. Megbɔdzɔ ŋutɔ esi meɖo nye ƒewuiwo me. Ke hã, mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 14, eye meɖoe kplikpaa be masubɔ Fofonye si le dziƒo la kple nye ŋutete katã. Gake ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be egblẽm ɖi. Medoa gbe ɖa gblɔna be: “Nu ka tae nyee anɔ fu sia kpem? Meɖe kuku da gbe le ŋunye dzro. Mèle fu siwo kpem mele la kpɔm oa?”

Nuwo menɔ bɔbɔe nam kura le nye sɔhɛme o. Eva hiã be malɔ̃ ɖe edzi be dɔ si lém mele la mele vɔvɔ ge o. Ðeko metsɔ ɖokuinye nɔa sɔsɔm kple xɔ̃nyewo—wole lãmesẽ nyui me eye ŋusẽ le wo ŋu. Ewɔ nam be nyemele ɖeke me o; esia wɔe be meɖea ɖokuinye ɖe aga. Ke hã, ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nyewo dea dzi ƒo nam. Meɖoa ŋku xɔ̃nye Alicia si tsi wum ƒe 20 la dzi kple dzidzɔ, elabena xɔlɔ̃ nyui aɖee wònye nam. Ekpe ɖe ŋunye be maganɔ nye dɔlélea ŋu bum fũu akpa o, eye be matsɔ ɖe le eme na ame bubuwo tsɔ wu be manɔ nye kuxiwo ŋu bum atraɖii.

METI NU SIWO ANA TAÐODZINU NANƆ NYE AGBEA ŊU YOME

Esi mexɔ ƒe 18 la, dɔa ho nam vevie, si wɔe be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔ̃ hã nana ɖeɖi tea ŋunye belibeli. Ke hã mewɔa “vovoɣi” si su asinye la ŋu dɔ tsɔ srɔ̃a Biblia nyuie. Biblia gbalẽ siwo nye Hiob kple Psalmowo kpe ɖe ŋunye mese egɔme be mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo nɔa vevie nɛ wu míaƒe lãmesẽnyawo ko. Gbedodoɖa edziedzi wɔe be “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” kple “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” la su asinye.2 Korintotɔwo 4:7; Filipitɔwo 4:6, 7.

Esi mexɔ ƒe 22 la, meva kpɔe be matsi bunɔkeke me le nye agbemeŋkeke susɔeawo me. Metsi dzi be amewo ava ɖe susu ɖa le ame si menye la dzi ahanɔ kpɔyem ko abe dɔnɔ si le bunɔkeke me ene. Gake bunɔkekea va de dzinye le go bubuwo me eye wòɖe vi nam wu ale si mesusui. Xɔ̃nye aɖe si ŋkɔe nye Isabel do susua ɖa be yeakpe ɖe ŋunye matsɔ gaƒoƒo 60 aɖe gbeƒã nya nyuia na amewo le dzinu aɖe me.

Gbã la, mesusui be manya wɔ nam kura o. Gake medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye, eye le nye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu wɔe. Ðeko dzinu ma, si me mewɔ dɔ geɖe le la, va yi kabakaba eye mekpɔe be mete ŋu ɖu nye vɔvɔ̃ kple ŋukpea dzi. Mese vivi na dɔa ale gbegbe be, le ƒe 1996 me la, metso nya me be manye gbesiagbe mɔɖela, si fia be matsɔ gaƒoƒo 90 anɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔa wɔm dzinu sia dzinu. Esia nye nyametsotso nyuitɔ siwo mewɔ kpɔ la dometɔ ɖeka, ena mete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu eye wòde nye lãmesẽ dzi gɔ̃ hã. Nya nyui gbɔgblɔ dɔa na meʋu nye xɔse me na ame geɖe eye mekpe ɖe ame aɖewo ŋu wova zu Mawu xɔlɔ̃wo.

YEHOWA LÉM ÐE TE

Le ƒe 2001 ƒe dzomeŋɔli me la, mekpɔ ʋufɔku sesẽ aɖe eye nye afɔwo kple evea siaa ŋe. Esi menɔ dɔbadzi le kɔ aɖe dzi henɔ veve sem helĩhelĩ la, meƒo koko na Yehowa le dzi me be: “Yehowa, meɖe kuku, mègagblẽm ɖi o!” Ɣemaɣi tututu la, nyɔnu si mlɔ aba si le nye axadzi dzi la biam be, “Yehowa Ðasefoe nènyea?” Ŋusẽ menɔ ŋunye kaka mayi nya ŋu ɖo ge nɛ o, eya ta ɖeko melɔ̃ ta. Eye wògblɔ be, “Menya mi nyuie! Mexlẽa miaƒe magazineawo edziedzi.” Nya mawo do ŋusẽm ale gbegbe. Togbɔ be menɔ nɔnɔme wɔnublanui ma me hã la, mete ŋu ɖi ɖase tso Yehowa ŋu. Bubu gã kae nye esi!

Esi nye lãme sẽ vie la, medi be magblɔ nya nyuia na amewo le kɔa dzi. Menɔ bunɔkeke me, nye afɔ eveawo katã le akalo me, eye danye tutua kekea míeyia amewo gbɔ le kɔdzixɔa me. Gbe sia gbe la, míeyia dɔnɔ aɖewo gbɔ ɖabiaa woƒe fɔfɔ ta se, eye míetsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo naa wo. Dɔnɔawo gbɔ yiyi alea tea ɖeɖi ŋunye ale gbegbe, gake Yehowa do ŋusẽm ale si dze.

Mía kple dzinyelawo, le ƒe 2003 me

Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, nye veveseseawo nu gasẽ ɖe edzi, eye fofonye ƒe ku hã gagbã dzi nam vevie. Gake medzea agbagba dea dzi ƒo na ɖokuinye. Aleke  mewɔa esiae? Zi ale si wòanya wɔ nam la, menɔa xɔ̃nyewo kple ƒometɔwo gbɔ, eye esia kpena ɖe ŋunye meɖea susu ɖa le nye kuxiwo ŋu. Eye ne metsi akogo la, mexlẽa nu, mesrɔ̃a Biblia, alo meɖea gbeƒã na amewo to telefon dzi.

Zi geɖe la, memiãa ŋku yia ŋugble me ʋĩi henɔa xexe yeye si ŋugbe Mawu do la kpɔm le susu me ɖaa abe ɖe mele ekpɔm to “fesre” nu ene

Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu suesuewo ŋu, le kpɔɖeŋu me, ne ya fafɛ le ƒoƒom ɖe mo nam alo ne mese seƒoƒo ƒe ʋeʋẽ lilili. Medaa akpe na Mawu ɖe nu mawo ta. Nu siwo doa nukokoe na ame hã doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Gbe ɖeka esime míenɔ gbeƒã ɖem la, xɔ̃nye si nɔ nye kekea tutum la tɔ be yeade dzesi nane ɖe agbalẽ me. Kasia kekea te zɔzɔ le eɖokui si le esi anyigbaa kɔ kpo vie ta, eye wòzɔ lalala yi ɖalɔ ʋu aɖe si wotɔ ɖi. Mí ame evea siaa ƒe mo wɔ yaa, gake esi míekpɔe be afɔku aɖeke medzɔ o la, enumake míede asi nukoko me eteƒe mekɔ o.

Nu geɖe li nyemate ŋu awɔ fifia o. Meyɔa wo be nye didi siwo meva eme haɖe o. Zi geɖe la, memiãa ŋku yia ŋugble me ʋĩi henɔa xexe yeye si ŋugbe Mawu do la kpɔm le susu me ɖaa abe ɖe mele ekpɔm to “fesre” nu ene. (2 Petro 3:13) Mekpɔa ɖokuinye le afi ma be mele lãmesẽ me, le tsa ɖim hele vivi sem na agbea ale si dze. Fia David ƒe nya siwo nye, “Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo!” la doa dzidzɔ nam ŋutɔ. (Psalmo 27:14) Togbɔ be mele gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi le ŋutilã me hã la, Yehowa doa ŋusẽm le ememe. Ɛ̃, togbɔ be mele gbɔdzɔgbɔdzɔm hã la, ŋusẽ gale ŋunye ɖom.

^ mm. 6 Ŋuɖui si nye juvenile polyarthritis la nye ŋuɖui si ɖea fu na ɖeviwo la ƒomevi aɖe. Enana lãmenugbagbevi siwo kpɔa míaƒe lãmesẽ ta la ŋutɔ gblẽa nu le ŋutilãmenugbagbevi nyuiwo ŋu, eye wònana ƒunukpeƒeewo tena heɖua ame vevie.