Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mose—Ame Si Si Xɔse Le

Mose—Ame Si Si Xɔse Le

NU KAE NYE XƆSE?

Le Biblia ƒe nya nu la, “xɔse” fia be woaka ɖe nu si ŋu kpeɖodzi sẽŋu le la dzi. Ame si xɔ Mawu dzi se la kana ɖe edzi be Mawu ana Eƒe ŋugbedodowo katã nava eme.

ALEKE MOSE ÐE XƆSE FIAE?

Nyametsotso siwo Mose wɔ le agbe me la ɖee fia be exɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. (1 Mose 22:15-18) Mɔnukpɔkpɔ su Mose si be wòaɖu agbe le Egipte hafi, gake ena mɔnukpɔkpɔ ma to eŋu “eye wòtiae be woawɔ ŋlɔmi le ye ŋu kpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu, wu be yeakpɔ gome le nu vɔ̃ ƒe vivisese me hena ɣeyiɣi vi aɖe ko.” (Hebritɔwo 11:25) Ðe esia nye nyametsotso si wòwɔ eŋumabumabui si va vee emegbea? Ao, elabena Biblia gblɔ be Mose ‘yi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.’ (Hebritɔwo 11:27) Meve Mose kpɔ gbeɖe be yewɔ nyametsotso siwo ɖee fia be yexɔ Mawu dzi se o.

Mose kpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaxɔ Mawu dzi ase. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ esi wòdze abe woxaxa Israel-viwo ɖo ɖe Farao ƒe aʋakɔwo kple Ƒudzĩa dome ŋu kpɔ. Esi vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo le esi wòwɔ na wo be afɔku lili yewo ta la, wodo ɣli yɔ Yehowa kple Mose. Afɔ kae Mose aɖe?

Anɔ eme be Mose menya be Mawu ama Ƒudzĩa me be Israel-viwo nakpɔ mɔ asi o. Ke hã, Mose ka ɖe edzi be Mawu awɔ nane atsɔ akpɔ Eƒe amewo ta. Eye Mose di be kakaɖedzi ma ke nanɔ ye nɔvi Israel-viwo hã si. Biblia gblɔ be: “Mose gblɔ na dukɔ la bena: ‘Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, ale si Yehowa le mia ɖe gee egbe.’” (2 Mose 14:13) Ðe Mose te ŋu tu Israel-viwo ƒe xɔse ɖoa? Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso Mose kple Israel-viwo siaa ŋu be: “Le xɔse me woto Ƒudzĩ la me abe anyigba ƒuƒui dzi ene.” (Hebritɔwo 11:29) Xɔse si nɔ Mose si la ɖe vi na eya ŋutɔ kple ame siwo katã srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu la siaa.

NU KAE MÍESRƆ̃ TSO EME?

Míate ŋu asrɔ̃ Mose ne míeɖenɛ fiana le míaƒe nyametsotsowo me be míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se. Le kpɔɖeŋu me, Mawu do ŋugbe be yeakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí ne míetsɔ yeƒe subɔsubɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. (Mateo 6:33) Nyateƒee, esia ate ŋu asesẽ, le esi ame akpa gãtɔ tsɔa ŋutilãmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me egbea ta. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be ne míewɔ mía tɔ si nua be míanɔ agbe tsɛ, eye míena mawusubɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí la, Yehowa ana nu siwo katã míehiã la mí. Edo ŋugbe be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5.

Míawo hã míedzea agbagba be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woatsi le xɔse me. Le kpɔɖeŋu me, dzila ɖɔŋuɖowo nyae be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na yewo be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu be woatu xɔse ɖo. Ne ɖeviwo le tsitsim la, ele vevie be woanya be Mawu li, eye be ena nu siwo wòle be míawɔ kple nu siwo mele be míawɔ o la ŋuti sewo mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be woaka ɖe edzi be Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ. (Yesaya 48:17, 18) Viɖe gãwo dona tsoa eme ne dzilawo kpe ɖe wo viwo ŋu woxɔe se be Mawu “li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.”—Hebritɔwo 11:6, Agbenya La.