Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Benin

Ðe Medi Nya Na Ðokuinyea?

Ðe Medi Nya Na Ðokuinyea?

ŊU NYUI aɖe gake le Ɣetoɖoƒe Afrika ƒe dukɔ sia me. Mɔli kple atadi si le fiefiem le dzo dzi la ƒe ʋeʋẽ xɔ ya me. Nyɔnuwo tsɔ agba gã kpekpewo ɖe ta va le yiyim. Ame aɖewo ƒe nukoko de dzi, eye nuƒlelawo hã le asi ƒom vevie. Kasia, ŋdɔa te ʋuʋu sesĩe.

Ne ɖeviwo kpɔ yevu la, woyɔnɛ le wo degbea me be Yovo, eye wodea asi hadzidzi kple ɣeɖuɖu me. Wodzea haa gɔme be “Yovo, Yovo, bon soir” eye wowua enu be “Ke màna nane mí ɖe hadzidzi kple ɣeɖuɖua ta oa?” Ŋutsuviawo dometɔ ɖeka menɔ haa dzim o. Esime menɔ mɔ dzi yina la, enɔ yonyeme nɔ asi wɔm nam. Edze abe tokunɔgbe domee wònɔ ene. Esime menɔ United States la, mesrɔ̃ ale si wowɔa asi ɖe ŋɔŋlɔdzesiwo dzii le Amerika Tokunɔgbe me, gake Fransegbee wodona le Benin.

Bebli hafi mete ŋu tsɔ asi wɔ ŋɔŋlɔdzesi enyi siwo wotsɔna ŋlɔa nye ŋkɔae. Enumake ɖevia ko alɔgbɔnu ŋɔnyɔe. Eva lé nye asi hekplɔm to mɔ xaxɛ aɖewo dzi yi eƒe me. Aƒea nye kpexɔ si nye xɔ nugo eve. Eƒe ƒometɔwo va ƒo zi ɖe ŋunye. Wo katã wonɔ tokunɔgbe dom. Nu ka wɔ ge mala fifia? Mena wonya nye ŋkɔ le tokunɔgbe me, eye meŋlɔ ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi na wo be menye dutanyanyuigblɔla si fiaa Biblia amewo, eye matrɔ ava. Aƒelika siwo sea nu la hã nɔ wo dome, eye wo katã wonɔ ta lɔ̃m. Megblɔ le tame be, ‘Ðe medi nya na ɖokuinyea?’

Esi meɖo aƒe me la, megblɔ le tame be, ‘Ele be ame aɖe nakpe ɖe ame siawo ŋu woanya nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo si nye be: “Tokunɔwo ƒe to aʋu” la ŋu.’ (Yesaya 35:5) Meku nu me hekpɔe be esi woxlẽ amewo le Benin nyitsɔ laa la, wokpɔe be tokunɔwo kple ame siwo mesea nu nyuie o la le ame 12,000. Dzi dzɔm esi mese be menye Franse Tokunɔgbee wofiana le tokunɔwo ƒe sukuwo o, ke boŋ Amerika Tokunɔgbee. Gake nublanuitɔe la, Yehowa Ðasefo siwo le afi sia la dometɔ aɖeke mese Amerika Tokunɔgbe o. Meɖe hũu hegblɔ na Ðasefo aɖe si le nutoa me be, “Ne ɖe ame aɖe si nya Amerika Tokunɔgbe ava kpe ɖe mía ŋu la, adzɔ dzi nam ŋutɔ.” Eɖo eŋu be, “Wò hã èli ɖe, alo?” Egblɔe ɖe eteƒe! Meƒle tokunɔgbesrɔ̃gbalẽ aɖe hedɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Amerika Tokunɔgbe me DVD-wo. Esi Ðasefo aɖe si nya Amerika Tokunɔgbe nyuie la ʋu tso Cameroon va Benin la, mekpɔe be Mawu se nye gbedodoɖawo.

Amewo se be mele Biblia fiam tokunɔwo. Wogblɔ nam be mayi aɖakpɔ nutala aɖe si ŋkɔe nye Brice. Esi wònye ʋɔkpatsae wòtsɔ wɔ eƒe dɔwɔƒeae ta la, teƒea fa nyuie, togbɔ be ŋdɔ nɔ ʋuʋum helĩhelĩ hã. Eƒe dɔwɔxɔa me ƒe gliwo le amadede vovovowo me, le esi wòtutua eƒe brɔswo ɖe glia ŋu ƒe aɖewoe nye esia ta. Etutu zikpui aɖewo dzi be míanɔ anyi, eyome enɔ kpɔyem dũu be madze nyaa gɔme. Metsɔ DVD aɖe de nye videoɖemɔ̃a me. Ete eƒe zikpuia va ŋgɔ be yeakpɔe nyuie. Ewɔ dzesi si fia be: “Mese egɔme! Mese egɔme!” Ðevi siwo le nutoa me la va ƒo zi ɖe mía ŋu henɔ kɔ dom ɖa be yewoakpɔ videoa. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, “Nu ka tae wole video si me nuƒo mele ɖiɖim le o la kpɔm?”

Ɣesiaɣi si metrɔ yi Brice gbɔ la, ame siwo ƒoa zi ɖe videoɖemɔ̃a ŋu la gadzina ɖe edzi. Eteƒe medidi hafi Brice kple ame bubuwo va nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem o. Agbagba si medzena be maɖe kpekpea me nyawo gɔme na wo la na mesrɔ̃ tokunɔgbea kaba. Esi wonɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, wo dometɔ aɖewo va nɔ yonyememɔ dim gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka menɔ nye ʋu xoxo si nɔ ŋeŋem le mɔ dzekpodzeʋea ta la me nɔ agbagba dzem be madze ato gbɔ̃ kple ha siwo le mɔa dzi la ŋu. Kasia, mese be nane ɖi sesĩe le nye ʋua megbe. Mebia ɖokuinye be: ‘Nanee gagblẽ le ʋua ŋua?’ Ao, ke boŋ tokunɔ aɖee nɔ du dzi kplɔm ɖo henɔ agbagba dzem be yeahe nye susu, eya ta etsɔ asi ƒo ʋua dzi sesĩe!

Wova ɖo ƒuƒoƒo siwo me wozãa Amerika Tokunɔgbe le la ɖe dugã bubuwo me. Esi wowɔ ɖoɖo be woaɖe nyawo gɔme na tokunɔwo le míaƒe ƒe sia ƒe ƒe takpekpea me la, wotiam be manye nyagɔmeɖelawo dometɔ ɖeka. Esi meɖo afɔ nuƒolanɔƒea henɔ lalam be nuƒolaa nadze nyaa gɔme la, meɖo ŋku ɣeyiɣi si me medze nye subɔsubɔdɔa gɔme dzi. Tsã la, mebiana be, ‘Nu kae magate ŋu awɔ esime menye dutanyanyuigblɔla le Afrika?’ Esi mekpɔ nyaselawo la, ŋuɖoɖoa va tame nam—eyae nye be manye dutanyanyuigblɔla si kpena ɖe tokunɔwo ŋu. Nyemegabiaa ɖokuinye be, ‘Ðe medi nya na ɖokuinyea?’ o.