Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nu Kae Míaɖu?”

“Nu Kae Míaɖu?”

“Nu Kae Míaɖu?”

NUÐUÐU kple nunono ŋu nya fɔ ɖe te zi gbɔ zi geɖe le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi. Nukunu gbãtɔ si wòwɔ lae nye be etrɔ tsi wòzu wain, eye zi eve sɔŋ la, etsɔ abolo kple tɔmelã sue aɖewo ko nyi ame gbogbo aɖewo. (Mateo 16:7-10; Yohanes 2:3-11) Wonya Yesu nyuie be eɖua nu kple ame dahewo kple kesinɔtɔwo siaa. Edzɔ gɔ̃ hã be Yesu ƒe futɔwo tsɔ nya ɖe eŋu be enye nutsuɖula kple ahatsunola. (Mateo 11:18, 19) Gake le nyateƒe me la, Yesu menye nu siawo dometɔ aɖeke wɔla o. Ke hã, enya be nuɖuɖu kple nunono le vevie eye wòzã wo aɖaŋutɔe tsɔ fia nu tso gbɔgbɔmenu goglowo ŋu.—Luka 22:14-20; Yohanes 6:35-40.

Nuɖuɖu kple nunono kawoe bɔ le Yesu ƒe ŋkekeawo me? Aleke wotrɔa asi le nuɖuɖu ŋui? Eye agbagba ka gbegbee wodzena le asitɔtrɔ le eŋu me? Ŋuɖoɖokpɔkpɔ na biabia siawo akpe ɖe ŋuwò nàgase nudzɔdzɔ kple nyagbɔgblɔ aɖewo siwo dze le Nya Nyui Gbalẽawo me la gɔme nyuie wu.

“Na Míaƒe Abolo Si Asu Mía Nu Egbe La Mí”

Esi Yesu fia eyomedzelawo ale si woado gbe ɖae la, eɖee fia be esɔ be woabia agbemenuhiahiã veviwo Mawu, abe ‘abolo si asu na ŋkekea’ ene. (Mateo 6:11) Abolo nye nuɖuɖu vevi aɖe ale gbegbe be, le Hebrigbe kple Helagbe siaa me la, nya si wozãna na “woaɖu nu” lae nye “woaɖu abolo.” Nu siwo wotsɔ mea abolo, abe, lu, ƒo, kple nu bubuwo ene, nɔa ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo ƒe nuɖuɖu akpa gãtɔ me. Numekulawo ka nya ta be, ame ɖeka tea ŋu ɖua nu siawo ƒe agbɔsɔsɔ si ade kilogram 200 le ƒe ɖeka me, si nye ŋutilãnyinu si amea hiã le ƒe bliboa me la ƒe afã sɔŋ.

Woate ŋu akpɔ abolo le asi me aƒle. Gake ƒome akpa gãtɔ mèa woawo ŋutɔwo ƒe abolo—si nye dɔ si bia agbagbadzedze geɖe. Agbalẽ aɖe (Bread, Wine, Walls and Scrolls) ɖe nu me be: “Esi wònye be abolowɔ mate ŋu anɔ anyi hena ɣeyiɣi didi o ta la, gbe sia gbee nyɔnuwo tua wɔa.” Ɣeyiɣi didi kae dɔ sia xɔna? Agbalẽa gblɔ be: “Wozãa abe gaƒoƒo ɖeka sɔŋ ene hafi tua lu kilogram ɖeka pɛ le té dzi kutrikukutɔe, eye wokpɔa luwɔ si medea kilogram ɖeka tutu o tsoa eme. Luwɔ kilogram afã ƒe abolo ye dea ame ɖeka ƒe nuɖuɖu nu le ŋkekea me; si fia be ne nyɔnu aƒedzikpɔla amè abolo na ƒome si me ame atɔ̃ alo ade le la, ele be wòatu lu hena gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ.”

Azɔ bu Yesu dada Maria ŋu kpɔ. Tsɔ kpe ɖe aƒemedɔ bubu siwo wòwɔna ŋu la, enɔ nɛ be wòadi abolo si ade na srɔ̃a, viaŋutsuvi atɔ̃, kple vianyɔnu eve ya teti. (Mateo 13:55, 56) Ðikeke manɔ emee la, Maria kua kutri vevie le asitɔtrɔ le ‘abolo si asu na ŋkekea’ ŋu me, abe Yuda nyɔnu bubuawo ke ene.

“Miva Ðu Ŋdinu”

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la aɖewo gbe ɖeka ŋdi. Nusrɔ̃la siawo nɔ tɔƒo zã bliboa katã, gake womelé lã aɖeke o. Yesu yɔ exɔlɔ̃ siawo siwo ŋu ɖeɖi te la hegblɔ na wo be: “Miva ɖu ŋdinu.” Eye wòna tɔmelã kple abolo si womè dzodzoe la wo woɖu. (Yohanes 21:9-13) Togbɔ be afi sia koe woƒo nu tso ŋdinuɖuɖu ŋu le le Nya Nyui Gbalẽawo me hã la, enye nu si bɔ ɣemaɣi be amewo ɖua ŋdinu, si nyea abolo, azi, kple gbotsetse alo amititsetse.

Ke ŋdɔnuɖuɖu ya ɖe? Nu kae dɔwɔlawo ɖuna? Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Womeɖua nu kpekpe ŋdɔ me o; zi geɖe la, enyea abolo, lu alo bli, amititsetsewo, kple gbotsetsewo.” (Life in Biblical Israel) Anɔ eme be nu mawoe nusrɔ̃lawo yi ɖaƒle le Sixar dua me va, esime wokpɔ Yesu wònɔ dze ɖom kple Samaria nyɔnua le vudoa to. “Gaƒoƒo adelia lɔƒo,” alo ga wuieve lɔƒo, mee, eye nusrɔ̃lawo “dzo yi dua me yi nuɖuɖu ƒle ge.”—Yohanes 4:5-8.

Le fiẽ me la, ƒomewo ɖua fiẽnu, si nye ŋkekea ƒe nuɖuɖu vevitɔ la ɖekae. Agbalẽ aɖe ƒo nu tso nu si woɖuna fiẽ me la ŋu be: “Ame akpa gãtɔ ɖua abolo alo noa dzogbɔ siwo wotsɔa ƒo kple nu bubu geɖewo wɔnae. Zi geɖe la, wozãa dze kple ami alo amititsetsewo le fiẽnua ɖaɖa me, eye ɣeaɖewoɣi la, woƒoa detsi viviwo; anyitsi kple atikutsetsemetsi viviwo hã kpena ɖe nuɖuɖua ŋu.” (Poverty and Charity in Roman Palestine, First Three Centuries C.E.) Notsi tsrolo, nyinotsi babla, amagbewo, kple atikutsetsewo hã nɔa nu siwo woɖuna le fiẽ me ɣeaɖewoɣi la dome. Amagbe vovovo abe 30 ene ye nɔ anyi ɣemaɣi, siwo dometɔ aɖewoe nye sabala, gbegãdzi (ayo), yevumaŋkanivi, karɔt; eye atikutsetse vovovo 25 kple edzivɔwo, siwo dometɔ aɖewoe nye (1) gbotsetse, (2) ayede, kple (3) yevuboɖa, ye nɔ nuto mawo me.

Ðe nàte ŋu akpɔ nu siawo dometɔ aɖewo le kplɔ̃ si Lazaro kple nɔvianyɔnu Marta kple Maria woɖo esime Yesu va srã wo kpɔ la dzi ɖaa le susu mea? Azɔ bu ale si xɔa me anɔ ʋeʋẽm lilili esime Maria tsɔ ‘nardomi akuakua’ si ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋu la ŋu kpɔ—nuɖuɖu viviawo kple ami xɔasi ma siaa ƒe ʋeʋẽ xɔ xɔa me katã.—Yohanes 12:1-3.

“Ne Èɖo Kplɔ̃”

Ɣebubuɣi, esime Yesu nɔ nu ɖum le “Farisitɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ aɖe ƒe aƒe me” la, efia nu vevi aɖe ame siwo nɔ afi ma. Egblɔ be: “Ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, atatututɔwo, ŋkuagbãtɔwo; eye àkpɔ dzidzɔ, elabena naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o. Elabena woaɖo eteƒe na wò le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me.” (Luka 14:1-14) Ne Farisitɔa wɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la, nuɖuɖu kawoe anya nɔ kplɔ̃ɖoƒea?

Abolo tɔxɛwo, siwo wotsɔ wain, anyitsi, nyinotsi, kple nuɖuɖuvivinuwo mè eye wodo atsyã vovovowo na la nɔa kesinɔtɔwo ƒe kplɔ̃ɖoƒe. Bɔta kple nyinotsibabla hã nya nɔa kplɔ̃a dzi. Ðikeke mele eme o be amititsetsewo kple amitimi hã anɔ afi ma. Le agbalẽ si nye Food in Antiquity ƒe nya nu la, “ame sia ame ɖua amitimi kilogram 20 le ƒe ɖeka me, eye wozãa agbɔsɔsɔ bubu tsɔ wɔa amisisiwo kple akaɖimemiwo.”

Ne Farisitɔa te ɖe atsiaƒu ŋu la, anɔ eme godoo be eya kple eƒe amedzroawo aɖu tɔmelã si woɖe teti koe nye ema. Zi geɖe la, ame siwo mete ɖe atsiaƒu ŋu o la ɖua tɔmelã siwo wode dzee be woagagblẽ kaba o. Kplɔ̃ɖolaa anya na lã hã eƒe amedzroawo, si nye nu si mebɔ be woawɔ na hiãtɔwo o. Nu si bɔna le kplɔ̃ɖoƒewo zi geɖee nye koklozi siwo ŋu wotrɔ asi ɖo le mɔ vovovowo nu. (Luka 11:12) Wotsɔa gbe kple nuʋeʋẽ vovovowo, abe ahamɛ, sikɔni, kple tsyo ene ɖaa nu siawoe, si nana wogaléa aɖe nyuie ŋutɔ. (Mateo 13:31; 23:23; Luka 11:42) Anɔ eme be amedzroawo ɖu lutɔtɔe si ŋu wotrɔ asi le kple yevuziwo, anyitsi, kple nuɖuɖuvivinuwo emegbe tsɔ ɖe nu mee.

Ðewohĩ woatsɔ waintsetsewo—esiwo wogbe teti, ƒuƒua, alo eƒe aha—aɖo akɔ me na ame siwo yi azãɖuƒe. Woke ɖe wianfiãnu akpe geɖewo ŋu le Palestina, si ɖo kpe edzi be wain bɔ ɖe nuto ma me. Tomenukulawo ke ɖe kpetomenudzraɖoƒe 63 siwo me wain lita 100,000 lɔƒo sɔŋ ate ŋu anɔ la ŋu le Gibeon dua ƒe teƒe aɖe.

‘Migatsi Dzimaɖi Gbeɖe O’

Ne èle Nya Nyui Gbalẽawo xlẽm la, lé ŋku ɖe zi gbɔ zi nenie Yesu ƒo nu tso nuɖuɖu alo nunono ŋu le eƒe kpɔɖeŋuwo me, kple ale si wòfia nyateƒenya vevi aɖewo esime wole nuɖuƒewo la ŋu nyuie. Le nyateƒe me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖu nu heno nu zi geɖe, vevietɔ ne wole wo xɔlɔ̃wo dome, gake menye nu mawoe nye nu vevitɔ na wo le agbe me o.

Yesu kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ wo si ku ɖe nuɖuɖu kple nunono ŋu esi wògblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be, ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ o. Elabena nu siawo katã nye nu siwo yome dukɔwo nɔna vevie. Elabena mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã.” (Mateo 6:31, 32) Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi, eye Mawu kpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. (2 Korintotɔwo 9:8) Enye nyateƒe be nu siwo nèɖuna la ate ŋu ato vovo tso esiwo ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo ɖuna ɣemaɣi la gbɔ. Ke hã, àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpɔ wò nuhiahiawo gbɔ ne ètsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me.—Mateo 6:33, 34.