Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Anyigba La Anɔ Anyi Ðaa?

Ðe Anyigba La Anɔ Anyi Ðaa?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Anyigba La Anɔ Anyi Ðaa?

Afɔku gã aɖeke mava atsrɔ̃ míaƒe Anyigba la ɖa o. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe esia dzi? Elabena Mawu do ŋugbe be, ‘anyigba la maʋã o hena ɣeyiɣi si womeɖo seƒe na o, alo yi mavɔmavɔ me.’ (Psalmo 104:5, NW) Biblia gblɔ be, togbɔ be “dzidzime nu yina, eye bubu vana” hã la, “anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

Le Psalmo 104:5 la, wozã nya eve le Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔ me tsɔ te gbe ɖe ale si anyigba la anɔ anyi ɖae la dzi—ʽoh·lamʹ si gɔmee nye “ɣeyiɣi si womeɖo seƒe na o” kple ʽadh si gɔmee nye “yi mavɔmavɔ me.” Woate ŋu aɖe ʽoh·lamʹ gɔme be “ƒe geɖe” alo “tegbee.” Le Harkavy ƒe nyagɔmeɖegbalẽ la ƒe nya nu la, ʽadh gɔmee nye “ɣeyiɣi ƒe didime, mavɔmavɔnyenye, tegbetegbe, yi mavɔmavɔ me.” (Students’ Hebrew and Chaldee Dictionary) Hebrigbe me nya eve siawo ɖee fia be kakaɖedzi sẽŋu li be anyigba la anɔ anyi ɖaa. Bu Biblia me kpeɖodzi etɔ̃ bubu aɖewo siwo ɖee fia be anyigba la anɔ anyi tegbee la ŋu kpɔ.

Gbã la, Mawu wɔ anyigba la be amegbetɔwo nanɔ edzi—wòanye paradiso aɖe si me gbe damawo le, si axɔ anyigba la katã dzi, si me amewo anɔ dzidzɔ kpɔm le, ke menye be wòanye gbegbe o. Yesaya 45:18 ƒo nu tso Yehowa ŋu ale: ‘Eya ame si nye Mawu, eya ame si mè anyigba, eye wòwɔe; eya ame si ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.’

Evelia, Mawu do ŋugbe tso gbe aɖe gbe ke be, amegbetɔ siwo aɖo to ye la, anɔ anyigba la dzi le ŋutifafa me tegbee. Mawu do ŋugbe le Mixa 4:4 be: ‘Wo dome ame sia ame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.’ Eya ta le Mawu ƒe tameɖoɖo nu la, ele be anyigba la nanɔ anyi tegbee ahanye ameƒomea ƒe aƒe, ne menye nenema o la, eƒe ŋugbedodowo anye nya ƒuƒluwo.—Psalmo 119:90; Yesaya 55:11; 1 Yohanes 2:17.

Etɔ̃lia, Mawu tsɔ anyigba la dzi kpɔkpɔ de asi na amegbetɔwo. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” (Psalmo 115:16) Èbu be vifofo lɔ̃ame aɖe ate ŋu atsɔ nunana nyui aɖe ana via, eye emegbe eya ŋutɔ nagatrɔ ava gblẽ edomea? Kura o! Nenema kee Yehowa hã mate ŋu awɔ nu ma tɔgbi ɖe anyigba la kple edzinɔlawo ŋu o, “elabena Mawu nye lɔlɔ̃.”—1 Yohanes 4:8.

Yesu Kristo gblɔ kakaɖedzinya sia ku ɖe Fofoa ƒe nyawo ŋu be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Eye Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la, do ŋugbe be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29; Tito 1:2.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 31]

Anyigba: Based on NASA photo