Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Micronesia

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Micronesia

KATHERINE tsi le Amerika eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo esime wòxɔ ƒe 16. Ekua kutri le gbeƒãɖeɖedɔa me gake amewo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me le eƒe hamea ƒe anyigbamama me o. Egblɔ be: “Mexlẽ nuteƒekpɔkpɔwo ku ɖe ame siwo do gbe ɖa na Mawu be wòaɖo ame aɖe ɖa wòava kpe ɖe yewo ŋu yewoanyae nyuie la ŋu. Zi geɖe la, enyea nye didi be nye hã make ɖe ame aɖe ŋu nenema, gake esia meva eme nam kpɔ o.”

Esi Katherine ɖe gbeƒã le anyigbamama ma me ƒe geɖe megbe la, eva nɔ ʋuʋu ayi nuto si me amewo aɖo to Fiaɖuƒegbedeasia le wu la me ŋu bum. Gake esusui be esia wɔwɔ asesẽ na ye. Zi ɖeka koe wòdzo le eƒe ƒometɔwo gbɔ yi ɖanɔ teƒe bubu kpɔ—enɔ afi ma kwasiɖa eve pɛ ko—eye aƒe nɔa edzrom vevie gbe sia gbe. Ke hã, ale si gbegbe wòdi be ye hã yeakpɔ dzidzɔ si dona tso kpekpe ɖe ame siwo le Yehowa dim ŋu me na wòɖu vɔvɔ̃ ma dzi. Esi wòde ŋugble tso teƒe vovovo siwo wòate ŋu aʋu ayi ŋu vɔ la, eŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒe si le Guam hexɔ nyatakaka siwo wòhiã. Le July 2007 me esi Katherine xɔ ƒe 26 la, eʋu yi Saipan, si nye Pacific ƒukpo aɖe, si didi tso wo gbɔ anɔ kilometa 10,000. Nu kae do tso eme?

GBEDODOÐA EVE ƑE ŊUÐOÐO

Esi Katherine va ɖo hame yeyea me megbe kpuie la, eɖi ɖase na Doris, si nye nyɔnu aɖe si xɔ abe ƒe 45 ene, eye wòlɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. Esi wosrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta etɔ̃ gbãtɔawo vɔ la, Katherine va tsi dzi vie. Egblɔ be: “Nusrɔ̃vi dovevienu aɖee Doris nye, eya ta medi vevie be malé be nɛ. Nyemewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzi kpɔ o eye mesusui be Doris hiã nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖe be wòayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii, ɖewohĩ nɔvinyɔnu aɖe si wo kplii wonye hati.” Katherine do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ nɔvinyɔnu si sɔ be yeatsɔ Biblia-nusrɔ̃via anɛ. Eyome eɖoe be yeagblɔ na Doris be nɔvi bubu ava yi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.

Katherine gblɔ be: “Hafi mado nyaa ɖa la, Doris gblɔ nam be yedi be yeaƒo nu tso kuxi aɖe ŋu nam. Esi meɖo toe vɔ la, megblɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋunye medo dzi le nɔnɔme ma tɔgbi me va yi la nɛ. Eda akpe nam.” Eyome Doris gblɔ na Katherine be: “Yehowa zãa wò tsɔ kpena ɖe ŋunye. Zi gbãtɔ si nèva gbɔnye la, menɔ Biblia xlẽm gaƒoƒo geɖe. Menɔ avi fam henɔ Mawu biam be wòaɖo ame aɖe ɖem be wòava kpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme. Enumake nèƒo ʋɔa. Yehowa ɖo nye gbedodoɖaa ŋu nam vavã!” Aɖatsi lólo ɖe Katherine ƒe ŋku dzi esi wònɔ nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi sia gblɔm. Egblɔ be: “Doris ƒe nyawo nye nye gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo. Yehowa ɖee fiam be mesu te ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.”

Doris xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2010 me, eye egbea eya hã le Biblia srɔ̃m kple ame geɖewo. Katherine gblɔ be: “Dzi dzɔm ŋutɔ be didi si nɔ menye ɣeyiɣi didi aɖe be makpe ɖe dzianukwaretɔ aɖe ŋu wòava zu Yehowa subɔla la va eme nam!” Egbea Katherine nye mɔɖela vevi kpɔdzidzɔ le Pacific ƒukpo si nye Kosrae dzi.

KUXI ETƆ̃ AÐEWO DZI ÐUÐU

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu alafa ɖeka (siwo xɔ tso ƒe 19 va se ɖe 79) va le subɔsubɔm le afi siwo hiahiã geɖe le wu le Micronesia. Erica, si ʋu va Guam le ƒe 2006 me esime wòxɔ ƒe 19 la, ɖe gbeƒãɖela dovevienu siawo ƒe seselelãme gblɔ wòsɔ nyuie ale: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le anyigbamama si me nyateƒea ƒe tsikɔ le amewo wum me la vivina ŋutɔ. Medaa akpe na Yehowa be ekpe ɖe ŋunye be metia subɔsubɔmɔnu sia. Esiae nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ!” Egbea Erica zu mɔɖela vevi le Ebeye, si le Marshall ƒukpowo dzi. Ke hã, kuxiwo le subɔsubɔ le dutanyigba dzi me. Mina míadzro kuxi siawo dometɔ etɔ̃ me, ne míakpɔ ale si nɔvi siwo ʋu va Micronesia wɔ ɖu wo dzii ɖa.

Erica

Gakuxiwo. Esi Simon, si xɔ ƒe 22, va ɖo Palau ƒukpo dzi le ƒe 2007 me megbe teti la, ede dzesii be fetu si yexɔna le yewo de England la ƒe kakɛ aɖe koe yeate ŋu axɔ le afi sia. Egblɔ be: “Eva hiã be masrɔ̃ ale si maɖu ɖokuinye dzi be nyemanɔ nu sia nu si medi la ƒlem o. Fifia, meléa ŋku ɖe nu siwo maƒle aɖa la ŋu nyuie hafi ƒlea wo, meɖia tsa le asia me nyuie be maƒle nu siwo ƒe asi bɔbɔ vie. Ne nye nuzazã aɖe gblẽ la, media akpa si gblẽ la ƒe zãkpɔtɔ, eye media ame si akpe ɖe ŋunye madzrae ɖo.” Aleke agbe tsɛ nɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Simon dzi? Egblɔ be: “Esia kpe ɖe ŋunye meva kpɔ nu si le vevie wu le agbe me dze sii kple ale si manɔ agbe ɖe nu sue aɖe ko nu. Mekpɔa Yehowa ƒe asi le nye agbe me zi geɖe. Le ƒe adre siwo metsɔ le afi sia me la, mekpɔa nu si maɖu kple afi si mada ta ɖo la godoo.” Vavãe, Yehowa kpena ɖe ame siwo nɔa agbe tsɛ le esi wodi be yewoadi Fiaɖuƒea gbã ta la ŋu.Mat. 6:32, 33.

Aƒedzroame. Erica gblɔ be: “Nye kple nye ƒometɔwo dome le kplikplikpli eye menɔ vɔvɔ̃m be aƒedzroame agblẽ nye subɔsubɔdɔa me.” Nu kae wòwɔ tsɔ dzra ɖo? Egblɔ be: “Hafi maʋu la, mexlẽ Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ku ɖe aƒedzroame ŋu. Esia dzra nye dzi ɖo be mate ŋu aɖu kuxi ma dzi. Le nyatiawo dometɔ ɖeka me la, vidada aɖe ka ɖe Yehowa ƒe beléname dzi na vianyɔnu esi wògblɔ be, ‘Yehowa ate ŋu alé be na wò nyuie wum.’ Kakaɖedzinya ma do ŋusẽm ŋutɔ.” Hannah kple srɔ̃a Patrick le subɔsubɔm le Majuro le Marshall ƒukpowo dzi. Hannah te ŋu ɖu aƒedzroame dzi esi wòna eƒe susu le nɔvi siwo le woƒe hame yeyea me ŋu. Egblɔ be: “Medaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi ɖe míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ta, elabena woawo hã wonye nye ƒometɔwo. Woƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, nyemate ŋu asubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu o.”

Simon

Xɔlɔ̃dzedze. Simon gblɔ be: “Ne èva ɖo dukɔ yeye aɖe me la, nu sia nu kloe toa vovo. Ɣeaɖewoɣi la, egadzroam be magblɔ nya ɖikokoe aɖe eye be amewo nase egɔme nyuie ahako nu.” Erica gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me la, metsi eme, gake ema kpe ɖe ŋunye megbugbɔ de ŋugble le susu si tae meʋu va afi sia ɖo la ŋu. Menye viɖe si nye ŋutɔ makpɔ tae meʋu ɖo o, ke boŋ be mawɔ geɖe na Yehowa tae.” Egblɔ kpee be: “Ɣeyiɣi aɖe megbe la, medze xɔlɔ̃ nyui siwo nyemeƒoa asii o.” Simon ku kutri srɔ̃ Palaugbe, eye esia kpe ɖe eŋu ‘wòʋu eƒe dzi na’ nutoa me nɔviwo. (2 Kor. 6:13) Agbagba si wòdze be yeasrɔ̃ gbea na nɔviwo va lɔ̃e vevie. Nyateƒee, ne nɔvi siwo ʋu tso wo de va teti la kple nutoa me nɔviwo wɔ dɔ asi le asi me la, xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli xɔa aƒe ɖe hamea me. Yayra bubu ka hãe nɔvi siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoasubɔ le afi siwo hiahiã geɖe wu le la kpɔna?

‘WOŊEA NU WÒSƆA GBƆ’

Patrick kple Hannah

Apostolo Paulo gblɔ be: “Ame si ƒãa nu wòsɔa gbɔ la, aŋe nu wòasɔ gbɔ hã.” (2 Kor. 9:6) Kakaɖedzitɔe la, gɔmeɖose si le nya sia me la yi na ame siwo kekea woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Nu kawoe ‘woŋena le agbɔsɔsɔme’ le Micronesia?

Le Micronesia la, ame geɖewo gakpɔtɔ li woasrɔ̃ Biblia kplii. Ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la akpɔ ame geɖe siwo asrɔ̃ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me, awɔ ɖe edzi ahawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Patrick kple Hannah ɖea gbeƒã le Angaur, si nye ƒukpo sue si dzi ame 320 ko le la hã. Esi wosubɔ le afi ma ɣleti eve megbe la, wova ke ɖe nyɔnu dzilaɖekɛ aɖe ŋu. Elɔ̃ enumake be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, exɔ nyateƒea enumake, eye wòwɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ ŋu. Hannah gblɔ be: “Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe, ne míetso egbɔ hedo míaƒe gasɔwo dzo yina la, míekpɔa mía nɔewo ŋkume eye míegblɔna be: ‘Yehowa, akpe na wò!’” Hannah gblɔ kpee be: “Menya be Yehowa ahe nyɔnu ma ɖe eɖokui ŋu to mɔ bubu ɖe sia ɖe dzi, gake esi míeva le subɔsubɔm le afi si hiahiã geɖe wu le ta la, míete ŋu ke ɖe ame sia si si alẽwo ƒe nɔnɔme le la ŋu hekpe ɖe eŋu wòva dze si Yehowa. Esiae nye yayra gãtɔ si míekpɔ le agbe me kpɔ!” Abe ale si Erica gblɔe ene la, “ne èkpe ɖe ame aɖe ŋu wòva dze si Yehowa la, ana nakpɔ dzidzɔ manyagblɔ!”

ÀTE ŊU AKPƆ GOME LE EMEA?

Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le dukɔ geɖe me. Ðe wò hã àte ŋu aʋu ayi nuto siwo me wohiã kpekpeɖeŋu le mea? Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana didi si le mewò be yeakeke yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la nu nasẽ ɖe edzi. Eyome nàɖo dze tso eŋu na miaƒe hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlaa, alo ɖo dze kple ame siwo si mɔnukpɔkpɔa su wole subɔsubɔm le dukɔ siwo me wohiã kpekpeɖeŋu le me. Ne èkpɔe be wò ɖoɖoa adze edzi la, ŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa nuto si me nèdi be yeasubɔ le ƒe dɔwo dzi la nàbia nyatakaka geɖe wu. * Ðewohĩ wò hã àte ŋu awɔ ɖeka kple nɔvi akpe geɖe—ɖeviwo kple tsitsiwo, trewo alo srɔ̃tɔwo—siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la be nàkpɔ dzidzɔ ‘ahaŋe nu wòasɔ gbɔ.’

^ mm. 17 Kpɔ nyati si nye “Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?” si le August 2011 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.