Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ye Nye Míaƒe Sitsoƒe

Yehowa Ye Nye Míaƒe Sitsoƒe

“Aƒetɔ [Yehowa], sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime.”—PS. 90:1.

1, 2. Aleke Mawu subɔlawo sena le wo ɖokui me tso nuɖoanyi sia ŋu, eye nɔƒe ka tɔgbie le wo si?

 ÐE NÈÐEA dzi ɖi le fifi xexe sia mea? Ne mèɖea dzi ɖi o la, ke nyae be menye wò ɖekae o! Tso blema ke la, ame siwo katã lɔ̃ Yehowa vavã la sena le wo ɖokui me be amedzrowoe yewonye le nuɖoanyi sia me. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu subɔla wɔnuteƒewo nɔ ʋuʋum tso teƒe yi teƒe le Kanaan-nyigba dzi la, woʋu eme le dutoƒo be, “yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe.”—Heb. 11:13.

2 Nenema kee Kristo yomedzela amesiamina siwo ƒe “dumevinyenye ƒe gomenɔamesi le dziƒowo” la, kpɔa wo ɖokuiwo “abe amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene” le fifi nuɖoanyi sia me. (Flp. 3:20; 1 Pet. 2:11) Kristo ƒe ‘alẽ bubuawo’ hã menye “xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko [Yesu menye] xexea ƒe akpa aɖeke o la ene.” (Yoh. 10:16; 17:16) Gake ema mefia be “nɔƒe” mele Mawu ƒe amewo si o. Le nyateƒe me la, nɔƒe si le dedie wu ɖe sia ɖe ye le mía si; esi womate ŋu akpɔ kple ŋku o, ke boŋ kple xɔseŋkuwo ko. Mose ŋlɔ bena: “Aƒetɔ [Yehowa], sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime.” * (Ps. 90:1) Aleke Yehowa ɖee fia be yenye “sitsoƒe” alo nɔƒe na esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema? Aleke wònye “sitsoƒe” vavã na eƒe ame siwo ŋu eƒe ŋkɔ le egbea? Eye aleke wòanye dedienɔƒe le etsɔme?

“SITSOƑE” VAVÃE YEHOWA NYE NA ESUBƆLA SIWO NƆ ANYI LE BLEMA

3. Nu kae nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si le Psalmo 90:1 ƒe nyatia kple kpɔɖeŋua, eye go ka mee nyatia kple kpɔɖeŋua sɔ kple wo nɔewo le?

3 Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo bɔ ɖe Biblia me, eye Psalmo 90:1 nye wo dometɔ ɖeka. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ  sia ƒe nyati lae nye Yehowa, kpɔɖeŋu lae nye sitsoƒe alo nɔƒe. Eye go si me nyatia kple kpɔɖeŋua sɔ kple wo nɔewo le ye nye be, míekpɔa lɔlɔ̃, ŋutifafa kple dedienɔnɔ tso Yehowa gbɔ abe ale si ko míekpɔa mɔ be míakpɔe le mía nɔƒewo ene. Esia wɔ ɖeka kple Mawu ƒe amenyenye, elabena eya amea nye lɔlɔ̃. (1 Yoh. 4:8) Enye ŋutifafa ƒe Mawu, si nana esubɔla wɔnuteƒewo ‘nɔa dedie.’ (Ps. 4:9) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wòwɔ nu kple blemafofo wɔnuteƒewo, abe Abraham ene ŋu kpɔ.

4, 5. Aleke Mawu nye “sitsoƒe” na Abraham?

4 Abraham, si woyɔna ɣemaɣi be Abram, anya wɔ yaa vie esi Yehowa gblɔ nɛ be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ . . . nàyi anyigba, si mafia wò la dzi!” Ne Abraham tsi dzimaɖi hã la, ɖewohĩ nya siwo Yehowa gblɔ kpee la anya na eƒe dzi nadze eme. Egblɔ be: “Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ . . . Mayra ame siwo yra wò, ke ame siwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo.”—1 Mose 12:1-3.

5 Yehowa ƒe nyawo ɖee fia be, etiae be yeanye sitsoƒe na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo. (1 Mose 26:1-6) Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi. Le kpɔɖeŋu me, exe mɔ na Egipte Fia Farao kple Gerar Fia Abimelex be womede asi Sara ŋu o eye womewu Abraham hã o. Ekpɔ Isak kple Rebeka hã ta le mɔ mawo ke nu. (1 Mose 12:14-20; 20:1-14; 26:6-11) Biblia gblɔ be: “[Yehowa] mena ame aɖeke te wo ɖe anyi o, eye wòhe to na fiawo le wo ta. [Egblɔ be:] Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃ aɖeke nye nyagblɔɖilawo o!”—Ps. 105:14, 15.

‘Nyemagblẽ wò ɖi o’

6. Nu kae Isak gblɔ na Yakob be wòawɔ, eye aleke Yakob anya se le eɖokui me?

6 Nyagblɔɖila mawo dometɔ ɖekae nye Abraham tɔgbuiyɔvi Yakob. Esi ɣeyiɣi de na Yakob be wòaɖe srɔ̃ la, fofoa Isak gblɔ nɛ be: “Mègaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o! Yi Mesopotamia ɖe dawò fofo Betuel ƒeme, eye nàɖe dawò nɔvi Laban ƒe vinyɔnu aɖe!” (1 Mose 28:1, 2) Yakob wɔ ɖe fofoa Isak ƒe nyawo dzi enumake. Edzo le eƒe ƒometɔ kplikplikpli siwo gbɔ wònɔ dedie le la gbɔ le Kanaan, eye edze ƒãa be eya ɖeka zɔ kilometa alafa geɖe ƒe mɔ yi Xaran nuto me. (1 Mose 28:10) Anya nɔ eɖokui biam be: ‘Ɣekaɣie matrɔ agbɔ? Ðe nyruinye axɔm atuu ahatsɔ nyɔnu si vɔ̃a Mawu nam maɖea?’ Ne biabia siawo na Yakob tsi dzodzodzoe hã la, ɖikeke mele eme o be eƒe dzi dze eme esi wòɖo Luz, si didi kilometa 100 tso Beer-Seba gbɔ. Nu kae dzɔ le Luz?

7. Aleke Mawu to drɔ̃e dzi na kakaɖedzi Yakob?

7 Esi Yakob ɖo Luz la, Yehowa ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me, eye wògblɔ nɛ be:  “Manɔ anyi kpli wò, eye afi sia afi, si nàyi la, makpɔ dziwò, eye mana nàgatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, va se ɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.” (1 Mose 28:15) Nya mawo anya fa akɔ na Yakob ahana kakaɖedzii ŋutɔ! Àte ŋu akpɔ ale si wòanɔ gogom le mɔa nɔ dzi yina kple didi vevie be yeakpɔ ale si Mawu ƒe nya mawo ava emee la le susu mea? Ne wò hã èʋu le mia de yi ɖale subɔsubɔm le dukɔ bubu aɖe me la, ke ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me abe ale si Yakob se le eɖokui mee ene. Gake ɖikeke mele eme o be èle ale si Yehowa le be lém na wòe la teƒe kpɔm.

8, 9. Aleke Yehowa nye “sitsoƒe” na Yakob, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

8 Esi Yakob ɖo Xaran la, nyruia Laban xɔe atuu eye emegbe wòtsɔ Lea kple Raxel nɛ wòɖe. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Laban nɔ agbagba dzem be yeaba Yakob, esi wòɖɔ li eƒe fetu zi ewo sɔŋ! (1 Mose 31:41, 42) Ke hã, Yakob do dzi le nu madzɔmadzɔ siawo katã me, eye wòka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi alé be na ye—eye Wòlé be nɛ hã! Le nyateƒe me la, le ɣeyiɣi si me Mawu gblɔ na Yakob be wòatrɔ ayi Kanaan la, “alẽwo kple gbɔ̃wo, kosiviwo kple kluviwo, kposɔwo kple tedzi geɖewo” su esi. (1 Mose 30:43) Yakob kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ nɛ la ŋu vevie eye wòdo gbe ɖa be: “Nyemedze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nèɖi na wò dɔla la dometɔ aɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve.”—1 Mose 32:11.

9 Kpɔɖeŋu siawo ɖo kpe Mose ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Aƒetɔ [Yehowa], sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime”! (Ps. 90:1) Nya siawo ganye nyateƒe egbea hã, elabena Yehowa, ame si “metrɔna abe vɔvɔli ene o” la, kpɔtɔ nye sitsoƒe kple dedienɔƒe na esubɔla wɔnuteƒewo. (Yak. 1:17) Mina míakpɔ esia ƒe kpeɖodzi ɖa.

“SITSOƑE” VAVÃE YEHOWA NYE NA MÍ EGBEA

10. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔtɔ nye sitsoƒe na esubɔlawo?

10 Kpɔe ɖa le susu me be wokplɔ wò yi ʋɔnu be nànye ɖasefo atsi tsitre ɖe nu vlo wɔla vɔ̃ɖi aɖe si ƒe amewo kaka ɖe xexea me katã la ŋuti. Enyaa nu, ŋusẽ le eŋu, eƒe tame sẽ eye wònye amewula. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èƒo nu tsi tre ɖe eŋu vɔ hedo go le ʋɔnudrɔ̃ƒea? Ðe nàse le ɖokuiwò me be yele dediea? Kura o! Àdi takpɔkpɔ tso setɔwo gbɔ godoo. Kpɔɖeŋu sia ɖe nɔnɔme si me Yehowa subɔlawo le la fia, elabena woawoe le ɖase ɖim dzinɔameƒotɔe tso Yehowa ŋu hele nu klom le futɔ vɔ̃ɖi Satana dzi vɔvɔ̃manɔmee! (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 12:17.) Gake ɖe Satana te ŋu na ɖoɖoe zi le Mawu ƒe amewo nua? Kpao! Le nyateƒe me la, míele dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me—eye susu ɖeka aɖe koŋ tae: Yehowa gakpɔtɔ nye míaƒe mɔ́ sesẽ, míaƒe “sitsoƒe,” vevietɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Mixlẽ Yesaya 54:14, 17.) Togbɔ be ele nenema hã la, Yehowa makpɔtɔ anye mɔ́ sesẽ na mí nenye be míeɖe mɔ Satana ble mí míedo go le míaƒe dedienɔƒea o.

Mawudɔlawo kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu hekpɔa wo ta

11. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso blemafofoawo gbɔ?

11 Mina míagasrɔ̃ nu bubu aɖe tso blemafofoawo gbɔ. Togbɔ be wonɔ Kanaan-nyigba dzi hã la, womede ha kple anyigba ma dzi tɔ siwo wɔa ŋutasẽnuwo henɔa agbe ƒaƒã la o. (1 Mose 27:46) Womehiã se gbogbo aɖe hafi anya nu si nyo be woawɔ kple nu si menyo o. Wonya nu si Yehowa lɔ̃na kple nu si wòlé fui. Esi Yehowa nye wo nɔƒe ta la, wowɔ nu sia nu si woate ŋui be woaganye xexea ƒe akpa aɖeke o. Wote wo ɖokuiwo ɖa kura tso  xexea me gbɔ. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi woɖo ɖi na mí! Ðe nèkua kutri vevie srɔ̃a blemafofo wɔnuteƒeawo le wò hadede kple modzakaɖeɖe mea? Nublanuitɔe la, nɔvi aɖewo le Kristo hamea me siwo ƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be woɖe dzi ɖi le Satana ƒe xexea me. Ne èsena le ɖokuiwò me nenema vie gɔ̃ hã la, do gbe ɖa tso eŋu. Ðo ŋku edzi be Satana tɔe xexe sia nye. Eye Satana nye ɖokuitɔdila si media míaƒe nyonyo o.—2 Kor. 4:4; Ef. 2:1, 2.

12. (a) Gbɔgbɔmeɖoɖo kawoe Yehowa wɔ na eƒe amewo? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe ɖoɖo siawo ŋu?

12 Be míatsi tre ɖe Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋu la, ele be míawɔ gbɔgbɔmeɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ na eƒe ame, siwo wɔ Eya amea woƒe sitsoƒee, la ŋu dɔ bliboe. Gbɔgbɔmeɖoɖo siawo ƒe ɖewoe nye Kristotɔwo ƒe kpekpewo, ƒometadedeagu, kple “nunana siwo nye amewo”—siwo nye alẽkplɔla siwo Mawu ɖo be woafa akɔ na mí ahakpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. (Ef. 4:8-12) Nɔviŋutsu George Gangas, si nye Dɔdzikpɔha la me tɔ ƒe geɖe la gblɔ be: “Ne mele [Mawu ƒe amewo] dome la, meɖea dzi ɖi abe nye ƒomea gbɔe mele ene, le gbɔgbɔmeparadiso me.” Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema?

13. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso Hebritɔwo 11:13 me?

13 Nu bubu si míagate ŋu asrɔ̃ tso blemafofoawo gbɔe nye ale si woƒe nuwɔna to vovo tso ame siwo dome wonɔ la tɔ gbɔ. Abe ale si míekpɔe le  memama gbãtɔa me ene la, woʋu eme “le dutoƒo be, yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe.” (Heb. 11:13) Ðe wò hã nèɖoe kplikpaa be yeato vovo tso xexea gbɔa? Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi ya o. Gake le Mawu kple hati Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu akpɔ dzidzedze. Ðo ŋku edzi be menye wò ɖekae le avu sia wɔm o. Ele be ame sia ame si di be yeasubɔ Yehowa la nate kame kple Satana kple eƒe xexea! (Ef. 6:12) Ke hã míate ŋu aɖu dzi ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hena wònye míaƒe sitsoƒe.

14. “Du” ka lalam Yehowa subɔlawo nɔ le blema?

14 Nu vevi bubu aɖe hãe nye esi: Srɔ̃ Abraham eye nàna wò ŋku nanɔ fetu la dzi. (2 Kor. 4:18) Apostolo Paulo ŋlɔ bena, Abraham nɔ “du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la lalam, du si ƒe aɖaŋuwɔla kple tsola ye nye Mawu.” (Heb. 11:10) “Du” mae nye Mesia Fiaɖuƒea. Ele be Abraham nalala “du” ma. Le susu aɖe  nu la, míawo ya míele elalam o. Elabena ele dzi ɖum fifia le dziƒo. Gawu la, kpeɖodzi geɖewo ɖee fia be ava ɖu anyigba bliboa dzi kpuie. Ðe Fiaɖuƒe ma nye nu ŋutɔŋutɔ na wòa? Ðe wòkpɔa ŋusẽ ɖe ale si nènɔa agbee, ale si nèbua nuɖoanyi sia kple nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔe la dzia?—Mixlẽ 2 Petro 3:11, 12.

YEHOWA AKPƆTƆ ANYE “SITSOƑE” VAVÃ NA MÍ ESI NUWUWUA LE AƑE TUM

15. Aleke etsɔme anɔ na ame siwo ɖoa dzi ɖe xexe sia ŋu?

15 Esi Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu le aƒe tum la, “fuɖuame” la nu anɔ sesẽm ɖe edzi. (Mat. 24:7, 8) Nuwo agblẽ ɖe edzi godoo ne xaxa gã la dze egɔme. Dɔwɔƒewo akaka, nu geɖe atsrɔ̃, eye dzidzi aƒo amewo. (Hab. 3:16, 17) Amewo atsi dzodzodzoe ale gbegbe be woaɣla “wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me.” (Nyaɖ. 6:15-17) Gake eɖanye agado ŋutɔŋutɔwo loo alo dunyahenuɖoanyia alo asitsahabɔbɔwo o, wo dometɔ aɖeke manye takpɔkpɔ na wo o.

16. Aleke wòle be míabu Kristo hamea, eye nu ka tae?

16 Gake Yehowa ƒe amewo ya anɔ dedie le Yehowa Mawu, si nye woƒe “sitsoƒe” vavã la gbɔ. Abe nyagblɔɖila Xabakuk ene la, ‘woatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, woƒe xɔnametɔ la ŋu.’ (Hab. 3:18) Mɔ kawo nue Yehowa anye “sitsoƒe” le ɣeyiɣi sesẽ tɔzi mawo me le? Ðeko míalala akpɔe ɖa. Gake míate ŋu aka ɖe esia dzi: Abe ale si wònɔ le Israel vi siwo ʋu tso Egipte yina Ŋugbedodonyigbaa dzi gome ene la, “ameha gã” la akpɔtɔ anye habɔbɔ si le ɖoɖo nu eye woakpɔ Mawu sinu be wòafia mɔ yewo. (Nyaɖ. 7:9; mixlẽ 2 Mose 13:18.) Anɔ eme be Yehowa ana mɔfiame mawo to hameawo dzi. Yesaya ƒo nu tso “xɔgã” siwo me Mawu ƒe amewo anɔ dedie le la ŋu, eye anɔ eme be esia ku ɖe hame siwo le xexea me godoo la ŋu. (Mixlẽ Yesaya 26:20.) Ðe nèdea asixɔxɔ hamea ƒe kpekpewo ŋua? Ðe nèwɔna ɖe mɔfiame siwo Yehowa nana to hamea dzi la dzi enumakea?—Heb. 13:17.

17. Mɔ ka nue Yehowa nye “sitsoƒe” vavã na esubɔla wɔnuteƒe siwo ku la gɔ̃ hã le?

17 Nuteƒewɔla siwo aku hafi xaxa gã la nadze egɔme gɔ̃ hã anɔ dedie le Yehowa si nye woƒe “sitsoƒe” vavã la gbɔ. Le mɔ ka nu? Ɣeyiɣi didi aɖe le blemafofo wɔnuteƒeawo ƒe ku megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be: “Nyee nye . . . Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.” (2 Mose 3:6) Yesu yɔ nya mawo eye wògblɔ kpee be: “Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.” (Luka 20:38) Ɛ̃, le Yehowa gbɔ la, ɖeko wòle abe esubɔla wɔnuteƒe siwo ku va yi la kpɔtɔ le agbe ene, elabena afɔ wo ɖe tsitre godoo!—Nyagb. 7:1.

18. Le xexe yeyea me la, aleke Yehowa anye “sitsoƒe” vavã na eƒe amewo le mɔ tɔxɛ aɖe nu?

18 Le xexe yeye si gbɔna kpuie me la, Yehowa anye “sitsoƒe” vavã na eƒe amewo le gɔmesese bubu aɖe nu. Nyaɖeɖefia 21:3 gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo.” Le gɔmedzedzea me la, Yehowa ato eteƒenɔla Kristo Yesu dzi anɔ kple esubɔla siwo le anyigba dzi. Le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu, ne Yesu na Mawu ƒe tameɖoɖowo va eme bliboe vɔ la, atsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Fofoa. (1 Kor. 15:28) Le ema megbe la, magahiã be Yesu nanye nyaxɔɖeakɔla na amegbetɔƒomea si de blibo la o; Yehowa ŋutɔ anɔ anyi kpli wo ahaɖu wo dzi tẽe. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi le mía ŋgɔ! Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míadze agbagba ɖe sia ɖe asrɔ̃ blemafofoawo, awɔ nuteƒe ahana Yehowa nanye míaƒe “sitsoƒe.”

^ mm. 2 Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖe Psalmo 90:1 gɔme be: “Oo, Yehowa, wò la, nɔƒe ŋutɔŋutɔ nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime.”