Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yehowa, Wò Dɔwɔwɔwo Sɔ Gbɔ Loo!”

“Yehowa, Wò Dɔwɔwɔwo Sɔ Gbɔ Loo!”

Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃

“Yehowa, Wò Dɔwɔwɔwo Sɔ Gbɔ Loo!”

EÐANYE kɔƒedu loo alo dugã, todzidu, alo ƒutadu aɖe mee míele o, nuwɔwɔwo ƒe atsyɔ̃ siwo wɔa nuku la ƒo xlã mí. Eyata esɔ be míakpɔ nɔnɔmetata siwo nye Yehowa Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo le 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2004) me.

Amesiwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu dea ŋugble le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Salomo amesi ƒe nunya “ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya . . . ta” la ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Eƒo nu le atiwo ŋu tso seder, si le Libanon dzi la dzi vaseɖe ayeti, si miena ɖe gli ŋu la dzi, eye wòƒo nu le lãfɔnewo kple xewo, nutatawo kple tɔmelãwo ŋu.” (Fiawo I, 5:10, 13) Salomo fofo, Fia Dawid de ŋugble zi geɖe tso Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ ɖedzesiwo ŋu. Ŋugbledede le nu ŋu sia ʋãe wògblɔ na Ewɔla be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.”—Psalmo 104:24. *

Ele be míawo hã míalé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu ahade ŋugble tso wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, asɔ be ‘míafɔ mo dzi’ ahabia be: “Amekae wɔ nusiawo?” Nya lae nye be Yehowa Mawu ɖeka ko sie “ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ” le!—Yesaya 40:26.

Aleke wòle be ŋugbledede le Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu nawɔ dɔ ɖe mía dzii? Le mɔ etɔ̃ ya teti nu. Ate ŋu (1) aɖo ŋku edzi na mí be míade asixɔxɔ míaƒe agbe ŋu, (2) aʋã mí be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso nuwɔwɔwo me, eye (3) aʋã mí be míadi be míanya mía Wɔla la nyuie ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu.

Esi míaƒe agbe de ŋgɔ boo wu ‘lã nyasã manɔsitɔwo’ tɔ ta la, míate ŋu alé ŋku ɖe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu ahade asixɔxɔ wo ŋu. (Petro II, 2:12) Míaƒe ŋku ate ŋu akpɔ anyigba ƒe teƒe dzeaniwo. Míaƒe to ate ŋu ase xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ si nya sena ŋutɔ la. Eye esi míete ŋu bua ɣeyiɣi ŋu henya teƒe siwo míede va yi ta la, esia nana míeɖoa ŋku nudzɔdzɔ dodzidzɔnamewo dzi. Eyata togbɔ be agbe si míele fifia mede blibo o hã la, ele vivim!

Dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wo viwo di be yewoanya nu tso nuwɔwɔwo ŋu tsitotsito. Aleke gbegbee wòdoa dzidzɔ na ɖeviwo enye si be woafɔ abɔbɔgo kple adzato le tɔ to, afe kple aƒemelã aɖe, ahade ati dzi! Dzilawo adi be yewoakpe ɖe yewo vi suewo ŋu be woakpɔ alesi nuwɔwɔwo fia Wɔlaa ƒe anyinɔnɔ adze sii. Bubu deto kple vɔvɔ̃ si anɔ ɖeviwo si ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu ate ŋu atsi wo me le woƒe agbemeŋkekeawo katã me.—Psalmo 111:2, 10.

Anye vodada gã aɖe ŋutɔ be míakpɔ dzidzɔ ɖe nuwɔwɔwo ŋu gake agbe kafukafu tsɔtsɔ na wo Wɔla la. Yesaya ƒe nyagblɔɖi kpe ɖe mía ŋu be míabu nya sia ŋu vevie, esime wògblɔ be: “Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.”—Yesaya 40:28.

Ẽ, Yehowa ƒe nuwɔwɔwo nye ɖaseɖiɖi be eƒe nunya goglo, ame aɖeke mesɔ kpli le ŋusẽ gome o, eye lɔlɔ̃ deto le esi na mí. Ne míekpɔ atsyɔ̃ɖoɖo si ƒo xlã mí eye míekpɔ nɔnɔme siwo le Amesi wɔ wo katã si la, mina wòaʋa mí míalɔ̃ ɖe Dawid ƒe nyawo dzi be: ‘O Yehowa, ame aɖeke mede nuwò o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o.’—Psalmo 86:8.

Míate ŋu aka ɖe edzi be amegbetɔ toɖolawo ayi edzi akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Ne agbe mavɔ su mía si la, mɔnukpɔkpɔ mavɔwo aʋu ɖi be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu tso mavɔ me yi mavɔ me. (Nyagblɔla 3:11) Eye zi alesi míesrɔ̃a nu tso Wɔlaa ŋu la, zi nenemae míaƒe lɔlɔ̃ na eyama adzi ɖe edzii.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2004) November/December.

[Aɖaka si le axa 9]

Wɔla la Kafukafu

Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu vevie la lɔ̃ ɖe edzi be Mawue wɔ nusiwo li. Kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

“Nye dzidzɔkpɔɣi vevitɔwo le nye dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ mee nye ɣeyiɣi mawo si me meke ɖe nu yeye aɖe ŋu hegblɔ na ɖokuinye be, ‘Oo ke aleae Mawu wɔe nye sia.’ Nye taɖodzinue nye be mase Mawu ƒe ɖoɖowo ƒe akpa vi aɖe ya teti gɔme.”—Atikeŋutinunyafialagã Henry Schaefer.

“Ku ɖe alesi xexeame katã wɔ va dzɔ ŋu la, ele be nuxlẽla ŋutɔ naƒo nya ta, gake míaƒe nugɔmesese ku ɖe alesi xexeame wɔ va dzɔ ŋu made blibo o ne míeɖe Eyama [Mawu] ɖa le nyaa me.”—Britaintɔ dziƒonuwoŋutinunyala Edward Milne.

“Míenya be akɔntaŋununya gãtɔ kekeakewoe te ŋu ɖɔ alesi xexeame le na mí elabena Mawue wɔe.”—Russiatɔ akɔntanyalagã Alexander Polyakov.

“Le míaƒe nusɔsrɔ̃ ku ɖe dzɔdzɔme nuwɔwɔwo ŋu me la, míebuna Wɔla la ŋu, hedea ŋugble tso eƒe ɖoɖowo ŋu, henɔa agbagba dzem be míaɖe ɖoɖo siwo tso Eyama gbɔ, ke menye mía gbɔ o la gɔme.”—Amerikatɔ nugbagbeŋutinunyala Louis Agassiz.

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Xevi aɖe siwo medzona o siwo woyɔna be “Gentoo penguins,” Antarctic ƒukpo afã

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Grand Teton, Modzakaɖebɔ si le Wyoming, U.S.A.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Jack Hoehn/Index Stock Photography