Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe nane li woawɔ ne Kristotɔ amesiamina aɖe si ŋu ŋusẽ mele o kpɔe be yemate ŋu awɔ ɖeka kple hamea aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua oa?

Ẽ. Woate ŋu awɔ ɖoɖo na Kristotɔ amesiamina aɖe si ŋu ŋusẽ mele o eye ɖewohĩ wòtsi aba dzi si ta mate ŋu awɔ ɖeka kple hamea aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia o la eye ele be woawɔe hã. Ne edzɔ alea la, hamemegãwo ƒe ha ate ŋu awɔ ɖoɖo be hamemegã aɖe alo ŋutsu Kristotɔ tsitsi aɖe natsɔ kpɔɖeŋuboloa kple wein la ƒe ɖe ayi na haxɔsetɔ ma le fiẽ ma ke me hafi ŋu nake.

Le alesi nɔnɔmea le nu la, hamemegã alo nɔviŋutsu si yi la ate ŋu agblɔ nya kpui aɖewo ahaxlẽ ŋɔŋlɔ siwo sɔ. Ate ŋu awɔ ɖe kpɔɖeŋu si Yesu na esime Wòɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi la dzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu axlẽ Mateo 26:26 eye wòatsɔ abolo maʋamaʋãa nɛ le gbedodoɖa vɔ megbe. Emegbe nɔviŋutsu si wodɔ ɖa la ate ŋu axlẽ Mateo ta 26, kpukpui 27 kple 28 eye wòatsɔ wein la nɛ le gbedodoɖa bubu megbe. Ate ŋu agblɔ nya kpui aɖewo le gɔmesese si le kpɔɖeŋunuawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu la ŋu, ahado gbe ɖa atsɔ awu enui.

Le nyateƒe me la, ele be woadze agbagba ɖesiaɖe awɔ ɖeka kple hamea aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua. Gake nukae woate ŋu awɔ le Kristotɔ amesiamina aɖe si dze dɔ vevie, si tsi kɔdzi, alo le susu aɖe ta mate ŋu aɖu Ŋkuɖodzia le Nisan 14 ƒe ɣeɖoto megbe o la ŋu? Amesiamina sia ate ŋu awɔ ɖoɖo si le Mose ƒe Sea me ŋudɔ ahaɖui le eɖokui si le ŋkeke 30 megbe.—Mose IV, 9:9-14.