Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE AME SIWO LE NU XAM LA ŊU

Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu—Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Egbea

Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu—Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Egbea

Ne èdi aɖaŋuɖoɖo tso ale si nàwɔ anɔ te ɖe nuxaxa nu ŋu la, ɖewohĩ àke ɖe gbogbo aɖewo ŋu, eye ɖewo aɖe vi wu bubuwo. Ðewohĩ susu si tae nye be, abe ale si míegblɔe va yi ene la, amewo xaa nu le mɔ vovovowo nu. Mɔnu aɖe si wɔ dɔ na ame aɖea, mawɔ dɔ na ame bubu o.

Togbɔ be ele alea hãa, aɖaŋuɖoɖo mawo ƒe ɖewo ɖe vi na ame geɖe. Zi geɖea wonye esiwo ame siwo ɖoa aɖaŋu tso nuxaxa ŋu la ɖona, eye wowɔ ɖeka kple mɔfiame si dze le blemagbalẽ aɖe si nye Biblia, si me nyawo gaɖea vi la me.

1: NA WÒ ƑOMETƆWO KPLE XƆLƆ̃WO NAKPE ÐE ŊUWÒ

  • Aɖaŋuɖola bibi aɖewo bui be esia nye mɔ vevi siwo dzi woato anɔ te ɖe nuxaxa nu la dometɔ ɖeka. Ke hã ɣeaɖewoɣia màdi be ame aɖeke nanɔ ye ŋu o. Àte ŋu ado dziku ɖe ame siwo le agbagba dzem be yewoakpe ɖe ŋuwò la ŋu gɔ̃ hã. Naneke megblẽ le eŋu o.

  • Mègasusu be ele be amewo nanɔ ye ŋu ɣesiaɣi o, gake mèganya wo ɖa keŋkeŋ le ɖokuiwò ŋu hã o. Àva hiã woƒe kpekpeɖeŋu emegbe. Gblɔ nu si nèdi be woawɔ na ye kple nu si mèdi o la na wo.

  • Togbɔ be àdi be amewo nawɔ nanewo na ye alo woagawɔ nanewo na ye o hã, ele be nàda asɔ be nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi na amewo hã.

MƆFIAME: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, . . . Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, evelia afɔe ɖe tsitre.”—Nyagblɔla 4:9, 10.

2: LÉ ŊKU ÐE WÒ NUÐUÐU ŊU, EYE NÀDI ƔEYIƔI ADE KAME

  • Ne èɖua nu nyuie la, akpe ɖe ŋuwò nàte ŋu anɔ te ɖe nuxaxa nu. Dze agbagba be yeanɔ atikutsetsewo, amagbewo kple nuɖuɖu siwo me protein le la ɖum.

  • No tsi sɔgbɔ eye nàno nunono bubu siwo dea lãmesẽ dzi hã.

  • Ne nu menya le ɖuɖum na wò o la, ekema ɖui vivivi edziedzi. Azɔ hã, àte ŋu agblɔ na wò ɖɔkta be wòana nunyiametikewo wò. *

  • Azɔlizɔzɔ atsɔ ade kame kple kamedede bubuwo ate ŋu ana ame matsi dzi fũu o. Kamedede ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le ale si nuwo trɔ na wò fifia la ŋu alo ana nàɖe susu ɖa le nu si dzɔa dzi vie.

MƆFIAME: “Ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.”—Efesotɔwo 5:29.

3: DƆ ALƆ̃ NÀÐI ÐE EME NYUIE

  • Alɔ̃dɔdɔ le vevie, gake egale vevie na ame siwo le nu xam ya wu elabena nuxaxa naa nu tia kɔ na ame.

  • Mègano nu siwo me caffeine le fũu o eye mèganɔ aha hã nom fũu o elabe woate ŋu agblẽ alɔ̃ me na wò.

MƆFIAME: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.”—Nyagblɔla 4:6.

4: DA SƆ

  • Nenɔ susu me na wò be ame sia ame kple ale si wòxaa nui. Ele be nàte ŋu anya esi ade dziwò wu.

  • Ame geɖe kpɔe be ne yewoƒo nu tso yewoƒe nuxaxa ŋu na ame bubuwo la, ekpena ɖe yewo ŋu yewonɔa te ɖe enu, gake ame bubuwo ya medina be yewoaƒo nu tso eŋu o. Eŋuti aɖaŋuɖolawo ƒe susu mesɔ le nya sia ŋu o. Ne èdi be yegblɔ yeƒe dzimenya na ame aɖe gake wòle sesẽm na wò la, ɖewohĩ anɔ bɔbɔe na wò wu be nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me ƒe sue aɖe na xɔ̃wò vevi aɖe.

  • Le ame aɖewo gome la, wokpɔe be ne yewofa avi la, ekpena ɖe yewo ŋu yewonɔa te ɖe nuxaxa nu, gake ame bubuwo ya tea ŋu nɔa te ɖe enu ne womefa avi boo o hã.

MƆFIAME: “Ame ƒe dzi nya eya ŋutɔ ƒe vevesese.”—Lododowo 14:10.

5: TSRI NU SIWO AGBLẼ NU LE ŊUWÒ LA WƆWƆ

  • Ame aɖewo siwo ame ku na nɔa aha mum eye wonɔa atike vɔ̃ɖiwo zãm be yewoatsɔ atsi yewoƒe vevesesea nu. Nuwɔna sia gblẽa nu le ame ŋu. Ðeko aha kple atike vɔ̃wo nana ame kpɔa gbɔdzɔe hena ɣeyiɣi vi aɖe ko, gake emegbe emetsonuawo gblẽa nu vevie. Di mɔ siwo dzi nàto anɔ te ɖe nuxaxa nu evɔ magblẽ nu le ŋuwò o.

MƆFIAME: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso . . . ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”—2 Korintotɔwo 7:1.

6: ZÃ WÒ ƔEYIƔIWO NYUIE

  • Ame geɖe kpɔe be eɖea vi ne yewowɔ nanewo be yewoaɖe susu ɖa le nuxaxaa ŋu ahawɔ nu siwo ana yewoƒe susu nadze akɔ anyi ale be wòaɖe yewoƒe vevesesea dzi akpɔtɔ vie.

  • Wò dzi adze eme vie ne èdze xɔlɔ̃ nyuiwo, srɔ̃ asinudɔ yeye aɖe alo ɖe modzaka.

  • Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àva trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Àva kpɔe be wò nuxaxaa maganɔ abe tsã ene o, edzi anɔ ɖeɖem kpɔtɔ eye esia akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxia nu.

MƆFIAME: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, . . . avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.”—Nyagblɔla 3:1, 4.

7: YI NU SIWO NÈWƆNA DZI

  • Ne anya wɔa, yi nu siwo nèwɔna dzi.

  • Ne èmlɔa anyi ɖe game dzi, wɔa dɔ, eye nèwɔa nu bubuwo la, nuwo ava nɔ na wò abe tsã ene.

  • Ne ètrɔ ɖe dɔ bubuwo ŋu la, ana nàɖe veve si kua do na wò la dzi akpɔtɔ.

MƆFIAME: “Ƒãa hafi wògabua eƒe agbemeŋkekewo ƒe yiyi ŋu, le esi Mawu vavã la na eƒe susu katã le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu ta.”—Nyagblɔla 5:20.

8: MÈGATSƆ DZITSITSI WƆ NYAMETSOTSOWO O

  • Ame siwo tsɔ dzitsitsi wɔ nyametsotsowo le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku megbe kpuie la va kpɔnɛ be yewowɔ vodada.

  • Ne anya wɔ la, lala ɣeyiɣi aɖe hafi aʋu, adi dɔ yeye alo atsɔ wò ame vevi si ku la ƒe nanewo aƒu gbe.

MƆFIAME: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.”—Lododowo 21:5.

9: MÈGAŊLƆ WÒ AME VEVI SI KU LA BE O

  • Ame geɖe siwo ame ku na kpɔe be eɖea vi ne yewowɔa nu siwo akpe ɖe yewo ŋu be yewoaɖo ŋku yewoƒe ame si ku la dzi.

  • Àkpɔe be wò dzi adze eme ne èdzra foto alo ŋkuɖodzinu aɖewo ɖo loo alo ŋlɔ nudzɔdzɔ vevi aɖewo siwo màdi be yeaŋlɔ be o la ɖi.

  • Dzra nu siwo ana nàɖo ŋku nuwo dzi kple dzidzɔ la ɖo, eye ne dzi ɖe le ƒowò la, tsɔ wo eye nàlé ŋku ɖe wo ŋu.

MƆFIAME: “Ðo ŋku tsãŋkekewo dzi.”—5 Mose 32:7.

10: YI MƆKEKE

  • Àte ŋu atiae be yeayi mɔkeke.

  • Ne manya wɔ be nàyi mɔkeke didi oa, ɖewohĩ àte ŋu awɔ nane si doa dzidzɔ na wò la ŋkeke ɖeka alo eve, abe azɔ zɔli legbe aɖi tsa, ayi blemanudzraɖoƒe alo aku ʋu ado vie.

  • Ne èwɔ nane si to vovo na nu si nèwɔna gbe sia gbe vie gɔ̃ hã la, ana nànɔ te ɖe nuxaxa nu.

MƆFIAME: “Miva, ne míawo ɖeɖe míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne míaɖi ɖe eme vie.”—Marko 6:31.

11: KPE ÐE AMEWO ŊU

  • De dzesii be ɣesiaɣi si nèkpe ɖe ame aɖe ŋu la, akpe ɖe wò ŋutɔ hã ŋu be nàŋlɔ wò nuxaxaa be vie.

  • Ðewohĩ àte ŋu adze egɔme tso ame siwo hã dzi wò ame vevia ƒe kua le tetem ɖo la dzi, abe xɔlɔ̃wo alo ƒometɔ siwo hã le nu xam, elabe wonya be èse nu siwo me tom yewole la gɔme.

  • Ne èkpe ɖe ame bubuwo ŋu hefa akɔ na wo la, ana dzi nagadzɔ wò eye agbe yeye aɖo mewò.

MƆFIAME: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

12: GBUGBƆ ŊKU LÉ ÐE NU SIWO LE VEVIE NA WÒ LA ŊU

  • Nuxaxa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàva de dzesi nu siwo tututu le vevie.

  • Wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàtsɔ alé ŋku ɖe ale si nèle agbea nɔmee ŋu.

  • Ne ehiãa, trɔ asi le nu siwo nèbuna nu vevii la ŋu.

MƆFIAME: “Kuƒemeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi, elabena afi kemɛa nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye ele be wòade dzi gbɔ na agbagbeawo.”—Nyagblɔla 7:2.

Le nyateƒe mea, naneke mate ŋu atsi wò vevesesea nu keŋkeŋ o. Ke hã ame geɖe siwo ƒe ame vevi aɖe ku la alɔ̃ ɖe edzi be esi yewowɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me dzi la, ekpe ɖe yewo ŋu yewoƒe akɔ fa. Ke hã, menye nu siwo katã akpe ɖe ame ŋu wòaɖe nuxaxa dzi akpɔtɔ ŋue míeƒo nu tsoe o. Gake ne ète mɔnu siawo dometɔ aɖewo kpɔ la, àkpɔe be woakpe ɖe ye ŋu yeƒe vevesesea nu naɖiɖi vie.

^ mm. 13 Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o.