Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBEBIAME | YAN-DER HSUUW

Fugboeŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Fugboeŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

NUFIALAGÃ Yan-Der Hsuuw nye fugboewo ŋuti nusrɔ̃ƒe dzi kpɔla le Taiwantɔwo ƒe yunivɛsiti aɖe me. Tsã la, exɔ amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa dzi se, gake esi wòva zu dzɔdzɔmeŋutinunyala si wɔa numekuku la, etrɔ susu. Egblɔ nu si tae la na Nyɔ! talawo.

Míeɖe kuku ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí vie.

Wodzim le ƒe 1966 me eye menɔ Taiwan tsi. Tao subɔsubɔha kple Buddha subɔsubɔha mee dzinyelawo nɔ. Togbɔ be míedea ta agu na tɔgbui kukuwo hedoa gbe ɖa na nɔnɔmewɔwɔwo hã la, míeka ɖe edzi be Wɔla aɖee wɔ nuwo o.

Nu ka tae nèsrɔ̃ nu tso nu gbagbewo ŋu?

Esi menɔ ɖevime la, meléa be na aƒemelãwo, eye medina be masrɔ̃ ale si mawɔ akpe ɖe lãwo kple amegbetɔ siwo le fu kpem la ŋu. Eya ta mesrɔ̃ nu tso ale si mawɔ atike na lãwo woanɔ lãmesẽ me ŋu vie, eye emegbe meva srɔ̃ nu tso fugboewo hã ŋu be wòakpe ɖe ŋunye mase ale si agbe wɔ dze egɔme la gɔme.

Ɣemaɣi la, èxɔ amedzɔtsolãme dzi se. Àte ŋu agblɔ nu si tae?

Yunivɛsiti nufialagãwo fia nu be amegbetɔ dzɔ tso lã me, eye wogblɔ be kpeɖodzi le eŋu. Mexɔ woƒe nya sia dzi se.

Nu kae na nèva dze Biblia xexlẽ gɔme?

Taɖodzinu eve ye nɔ asinye. Gbã la, mesusuna be le mawu gbogbo siwo amewo subɔna dome la, ɖeka aɖe anɔ anyi si kpɔ ŋusẽ wu bubuawo katã. Gake wo dometɔ kae? Evelia, menya be Biblia nye agbalẽ si ŋu ame geɖe dea asixɔxɔe. Eya ta medze Biblia sɔsrɔ̃ ƒe kpekpewo dede gɔme.

Esime menɔ nu srɔ̃m le Katolikotɔwo ƒe yunivɛsiti aɖe me le Leuven, Belgium le ƒe 1992 me la, meyi Katolikotɔwo ƒe sɔlemeha aɖe me ɖabia woƒe nunɔla be wòakpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme, gake egbe.

Ke aleke nèwɔ kpɔ ŋuɖoɖo na wò Biblia me biabiawo?

Le ƒe eve megbe, esime mekpɔtɔ nɔ Belgium nɔ nu srɔ̃m la, medo go Yehowa Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Ruth tso Poland. Esrɔ̃ Chinagbe be wòate ŋu akpe ɖe yunivɛsitivi siwo di be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la ŋu. Medo gbe ɖa be makpɔ ame aɖe wòakpe ɖe ŋunye nenema, eya ta dzi dzɔm esi medo goe.

Ruth fiam be togbɔ be Biblia menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ o hã, emenyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ŋlɔla David gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me be: “Wò ŋkuwo kpɔm esime menye ʋukɔe; eye woŋlɔ eŋu nuwo katã ɖe wò agbalẽ me, le ŋkeke siwo me wowɔ wo, esime wo dometɔ aɖeke medo haɖe o.” (Psalmo 139:16) Togbɔ be hakpanya mee David gblɔ nya sia le hã la, ne míagblɔe la, nyateƒee wòto! Hafi míaƒe ŋutinuwo nado la, mɔfiame siwo dzi woazɔ ɖo la li xoxo. Ale si Biblia me nyawo de pɛpɛpɛ la na meka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae wònye. Meva se egɔme hã be Mawu vavã ɖeka, si nye Yehowa koe li. 1

Nu kae na nèva ka ɖe edzi be Mawu gbɔe agbe dzɔ tso?

Taɖodzinu si le numekuku si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔna ŋue nye be woake ɖe nyateƒea ŋu, ke menye be woada asi ɖe susu siwo le amewo si dzi o. Esi meva nɔ nu srɔ̃m tso ale si fugboe wɔna tsina ŋu la, metrɔ susu, eye meƒo nya ta be Wɔla lae wɔ nuwo. Le kpɔɖeŋu me, ne mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo le mɔ̃ aɖe wɔm la, wokpɔa egbɔ be wode eƒe akpa ɖe sia ɖe teƒe si wòle be wòanɔ la pɛpɛpɛ. Nenemae fugboe hã le, gake ale si fugboe ya wɔna tsina gɔme sese sesẽ ale gbegbe.

Nu bliboa dzea egɔme ne ŋutsu ƒe tsi kple nyɔnu ƒe azi do go, alo menye nenemae oa?

Ɛ̃. Lãmenugbagbevi sue ma si ŋku mate ŋu akpɔ o la mana, eye wòyia edzi nɔa mamam. Lãmenugbagbeviawo ƒe agbɔsɔsɔ dzina ɖe edzi teƒe eve tso gaƒoƒo 12 va se ɖe 24 hena ɣeyiɣi aɖe. Le ɣeyiɣi sia me la, lãmenugbagbevi aɖe dona. 2 Eyae wɔna lãmenugbagbevi vovovo siwo ade 200 alo esi wu ema, abe lãmenugbagbevi siwo wɔa ʋu, ƒuwo, lãmekawo kple bubuawo ene, esiawo katãe ƒoa ƒu wɔa vidzĩ le dɔ me.

Esi meva nɔ nu srɔ̃m tso ale si fugboe wɔna tsina ŋu la, meƒo nya ta be Wɔla lae wɔ nuwo

Ele be lãmenugbagbevi si tɔgbi tututu hiã la nado le teƒe si tututu wòhiã le. Gbã la, wonyea ʋukɔe siwo me lãmenuwo kple ŋutinuwo va dona tso. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔla kae aku drɔ̃e be yeate ŋu aŋlɔ mɔfiame siwo dzi fugboe ato atsi la ɖi? Ke hã, woŋlɔ mɔfiame si dzi fugboe ato atsi la ɖe eƒe DNA me nukutɔe. Ne mede ŋugble tso ale si gbegbe esia wɔ nukui ŋu la, enana mekana ɖe edzi be Mawue wɔ nuwo.

Nu ka tae nèva zu Yehowa Ðasefo?

Kpuie ko la, lɔlɔ̃ si le wo dome ye. Yesu Kristo gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Ameŋkumemakpɔmakpɔ aɖeke mele lɔlɔ̃ sia me o. Teƒe si ame aɖe tso, dekɔnu alo ŋutigbalẽ ƒe amadede mekpɔa ŋusẽ ɖe lɔlɔ̃ sia ɖeɖe fia dzi o. Esi medze hadede kple Ðasefowo la mekpɔ lɔlɔ̃ sia le wo dome eye woɖe lɔlɔ̃ sia fiam.

^ 2. Esi nufialagã Yan-Der Hsuuw va srɔ̃ Biblia ta la, eƒe dzitsinya megaɖea mɔ nɛ be wòazã ʋukɔe si le tsitsim le eƒe nusɔsrɔ̃wo me o.