Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 1 2018 | Nu Si Nana Wokpɔa Dzidzɔ

AFI KAE MÍAKPƆ MƆFIAME NYUI SIWO ANA MÍAKPƆ DZIDZƆ LA LE?

Biblia gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o.”—Psalmo 119:1.

Nyati adre siawo ƒo nu tso mɔfiame nyui siwo nana amewo kpɔa dzidzɔ eye woɖea vi le mɔ geɖe nu la ŋu.

 

Ale Si Míawɔ Ake Ðe Eŋu

Ðe nèkpɔnɛ be yenye ame si kpɔa dzidzɔa? Ne nenemae la, nu kae nana ame kpɔa dzidzɔ?

Dzidzeme Kple Dɔmenyonyo

Ame geɖe susu be nunɔamesiwo kple kesinɔnu siwo le ame sie nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzedze. Gake ɖe ga kple nunɔamesiwo nana ame kpɔa dzidzɔa? Nu kae kpeɖodziawo fia

Lãmesẽmenɔnɔ Kple Tenɔnɔ Ðe Nu Nu

Ne míaƒe lãme gblẽ la, ɖe wòfia be míagate ŋu akpɔ dzidzɔ oa?

Lɔlɔ̃

Ne míelɔ̃ amewo eye woawo hã lɔ̃ mí la, enana míekpɔa dzidzɔ.

Tsɔtsɔke

Ame si dzi kuna eye metsɔna kena o la, mekpɔa dzidzɔ o eye menɔa lãmesẽ me hã o.

Taɖodzinu Si Anɔ Ame Si

Ne míekpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na agbemebiabia veviwo la, ana míakpɔ dzidzɔ.

Mɔkpɔkpɔ

Esesẽna na ame geɖewo be woakpɔ dzidzɔ ne womenya ale si etsɔme ava nɔ na wo kple woƒe ame veviwo o.

Srɔ̃ Nu Geɖe

Nu geɖewo wɔnɛ be ame kpɔa dzidzɔ alo mekpɔa dzidzɔ o. Srɔ̃ nu tso nyatakakadɔwɔƒe aɖe si akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia vevi aɖewo siwo ɖea fu na wò la ŋu.