Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

GBETAKPƆXƆ No. 1 2022 | Àte Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

Fuléle bɔ ɖe xexea me ŋutɔ. Amewo ɖenɛ fiana le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, wodea vovo toto amewo me, sẽa tame le wo ŋu, dzua wo alo wɔa nu vevi wo kura gɔ̃ hã. Ðe míate ŋu aɖu fuléle dzia? Nyati siwo le magazine sia me ana míakpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu fuléle dzi. Woana míakpɔ ŋugbe si Mawu do be yeava ɖe fuléle ɖa keŋkeŋ hã.

 

Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!

Nu ka tae amewo léa fu ame? Aleke woɖenɛ fiana zi geɖe?

Nu Ka Tae Fuléle Bɔ Alea Gbegbe?

Biblia na míenya nu siwo koŋ gbɔ fuléle tso, nu si tae wòle bɔbɔe be amegbetɔwo nalé fu ame, kple nu si tae fuléle le dzidzim ɖe edzi egbea.

Ale Si Míawɔ Aɖu Fuléle Dzi

Biblia ƒe nufiafiawo kpe ɖe amewo ŋu wowɔ tɔtrɔ nyuiwo.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

1 | Mègakpɔ Ame Ŋkume O

Srɔ̃ ale si Mawu mekpɔa ŋkume o eye nàɖu seselelãme manyomanyo siwo le mewò ɖe amewo ŋua dzi.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

2 | Mègawɔ Wɔɖenui O

Mègawɔ wɔɖenui o, ka ɖe edzi be Mawu aɖɔ nu gbegblẽ ɖe sia ɖe ɖo kpuie.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me

Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe fuléle ɖa le míaƒe dzi kple susu me.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

4 | Na Mawu Nàkpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Fuléle Dzi

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme nyui siwo ana míaɖu fuléle dzia ɖo.

Fuléle Nu Ayi Keŋkeŋ Gbe Ðeka!

Ame kae ate ŋu aɖe fuléle ɖa keŋkeŋ?

Fuléle Le Nu Gblẽm Le Afi Sia Afi

Aleke míawɔ aɖu fuléle dzi? Ame aɖewo te ŋu le esia wɔm xoxo le xexea me godoo. Nu ŋutɔŋutɔe, eye vivivia, fuléle nu ava yi tegbee.