Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Nèsusu?

Nu Kae Nèsusu?

Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔ̃ Mawua?

AME AÐEWO XƆE SE BE . . .

yewomate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃wo o elabe yewo ŋu mekɔ o, alo nu vɔ̃ le yewo ŋu. Ame bubuwo gblɔna be Mawu metsɔ ɖeke le eme na mí o. Nu kae nèsusu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Tsi metoa [Mawu] kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.” (Lododowo 3:32) Ne míeɖoa to Mawu la, míezua exɔlɔ̃wo.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Mawu di be yeadze xɔ̃ mí.—Yakobo 4:8.

  • Esi Mawu nye mía xɔlɔ̃ ta la, ele klalo be yeakpe ɖe mía ŋu eye yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí.—Psalmo 86:5.

  • Mawu xɔlɔ̃wo lɔ̃a nu siwo wòlɔ̃ eye wotsria nu siwo Mawu tsri.—Romatɔwo 12:9.