Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ale Si Nàkafu Viwò

Ale Si Nàkafu Viwò

KUXIA

Ame aɖewo gblɔna be naneke megblẽ le eŋu ne èkafua viwò edziedzi o. Ame bubuwo hã be ne èkafua viwò ɣesiaɣi la, ana ɖevia nagblẽ eye wòasusui be yele vevie wu ame sia ame.

Ne èkpɔ afi si nàkafu viwòa ase ɖo vɔ la, ele be nànya nu siwo me nànɔ ekafum le hã. Kafukafu ka ƒomevie ade dzi ƒo na viwòa? Eka ƒomevie ate ŋu aɖe dzi le eƒo? Aleke nàkafu viwòa be nu nyuiwo nado tso eme?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Menye kafukafuwo katãe ɖoa eƒe taɖodzinu gbɔ o. De ŋugble le eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Kafukafu si gbɔ eme ate ŋu agblẽ nu. Dzila aɖewo kafua wo viwo evɔ womedze nɛ hafi o. Wowɔa esia kple susu be yewoatsɔe ade dzi ƒo na wo ne woawɔ geɖe. Gake Aƒetɔ David Walsh xlɔ̃ nu be: “Ðeviwo nyaa nu eya ta ne wo dzilawo wɔ nu wògbɔ eme la wodea dzesii. Wonyana be yewomedze na kafukafua hafi o, eye woate ŋu aƒo nya ta be yewomate ŋu aka ɖe dziwò o.” *

Enyo be nàkafui ɖe eƒe ŋutetewo ta ya. Tsɔe be viwònyɔnuvi ta nu nyui aɖe si ɖe eƒe ŋutete fia. Godoo la, àdi be yeakafui ɖe esia ta be wòade dzi ƒo nɛ wòagawɔ geɖe. Gake afɔku ate ŋu anɔ eme. Ðevi kafukafu ɖe eƒe dzɔdzɔmeŋutete ɖeɖeko ta ate ŋu ana wòasusui be nu siwo wɔwɔ le bɔbɔe na ye koe wòle be yeawɔ. Madi be yeate nu yeyewo wɔwɔ kpɔ o, elabena avɔ̃ be yeava do kpo nu. Asusu be ‘Ne nane wɔwɔ bia agbagbadzedze la, ke ŋutete ma mele ye si o, le esia ta mahiã be yeatee kpɔ o.’

Enyo wu be nàkafui ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta boŋ. Ðevi si wokafuna ɖe eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ kple agbagbadzedzewo ta ke menye ɖe eƒe dzɔdzɔmeŋutetewo ta o la va dea dzesi nyateƒenya vevi si nye be, hafi woabi ɖe nane wɔwɔ me la, ebia be ame nagbɔ dzi ɖi, eye wòaku kutri. Agbalẽ si nye, Wɔe Kple Lɔlɔ̃ Kpakple Kakaɖedzi (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be, enyanya alea “awɔe be wòaku kutri le nu sia nu si wɔm wòle la me. Eye ne nu si wɔm wòle medze edzi o hã la, mabui be yedo kpo nu o, ke abui boŋ be nu srɔ̃m yele.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Kafui ɖe eƒe agbagbadzedze ta, ke menye ɖe eƒe dzɔdzɔmeŋutete ɖeɖeko ta o. Enyo be nàgblɔ na viwò be, “mekpɔe be menye agbagba vie nèdze hafi ta nu sia o” tsɔ wu be nàgblɔ nɛ be, “nutata nye wò dzɔdzɔmenunana.” Nya eveawo siaa nye kafukafu, gake evelia ate ŋu afia be nu siwo me wòate ŋu azã eƒe dzɔdzɔmeŋutetewo le la koe wòate ŋu awɔ nyuie.

Ne èkafu viwòa ɖe nane si me wòdze agbagba le la, ke èle efiam be nane wɔwɔ edziedzi ana eƒe ŋutetea nanyo ɖe edzi. Esia ana dzi naɖo eƒo eye aleke kee nu yeye aɖe wɔwɔ sesẽe o hã la adi be yeatee kpɔ.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 14:23.

Kpe ɖe viwòa ŋu ne èdo kpo nu le nane me. Ame nyuiwo kura gɔ̃ hã wɔa vodada, ɖewohĩ zi geɖe. (Lododowo 24:16) Gake ne wodze anyi la, wometsɔa anyidzeƒe wɔa anyimlɔƒee o, wosrɔ̃a nu tsoa nu si na wodze anyi la me, eye woyia ŋgɔ. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòanya nyateƒenya vevi sia?

Míagblɔe ake be nànɔ ekafum ɖe nu siwo me wòdzea agbagba le ta. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be ègblɔna na viwònyɔnuvi be, “akɔntabubu nye wò dzɔdzɔmenunana,” gake ne eva do kpo nu le akɔntadodokpɔ aɖe me la, ate ŋu aƒo nya ta be yeƒe dzɔdzɔmenunana ge le ye si, le esia ta magahiã be yeado vevie nu le eme o.

Ne èkafunɛ ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta la, akpe ɖe eŋu wòanɔ te sesĩe ne edo kpo nu gɔ̃ hã. Esia akpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be kpododonu ɖeka aɖe mefia be evɔ na ye le agbe me o. Le esi wòana ta teƒe la, ate ŋu ate mɔnu bubu aɖe kpɔ alo be wòagaku kutri wu tsã.—Biblia ƒe mɔfiame: Yakobo 3:2.

He nya ɖe eŋu kple susu be nàɖɔe ɖo. Ne wohe nya ɖe ɖevi ŋu le mɔ nyuitɔ nu le nane si me wòdo kpo nu le me la, akpe ɖe eŋu wòado vevie nu, ke maɖe dzi le eƒo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne èkafua viwòa edziedzi ɖe eƒe agbagbadzedzewo ta la, anɔ bɔbɔe be wòawɔ ɖɔɖɔɖowo ne èhe nya ɖe eŋu le nane si me wòdo kpo nu le me. Ekema nu sia nu si me wòadze agbagba le nyuie la ana dzi nadzɔ wò kplii siaa.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 13:4.

^ mm. 8 Etso agbalẽ si nye, Gbeɖe: Nu Si Tae Wòhiã Be Ðeviwo Katã Nasee Kple Mɔ Siwo Dzi Dzilawo Ato Agblɔe me. (Ele Eŋlisigbe me.)