Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Elé Eƒe Dzixɔse Me Ðe Asi Sesĩe

Elé Eƒe Dzixɔse Me Ðe Asi Sesĩe

Esime Song Hee xɔ ƒe 11 la, dadaa kpɔe be eƒe dzime glɔ̃ vie. Esi ɖɔkta aɖe do Song Hee kpɔ la, ekpɔe be dɔléle si nana ame ƒe dzimeƒu glɔ̃na vevie lae le eŋu. Song Hee ƒe nɔnɔmea va gblẽ ɖe edzi ale gbegbe be ehiã be woawɔ dɔ nɛ. Gake Song Hee malɔ̃ woado ʋu nɛ o. Nyɔ! talawo bia gbee tso nu siwo me wòto la ŋu.

Esi wova nya be dɔléle mae le ŋuwò la, ɖe ɖɔktawo te ŋu kpe ɖe ŋuwòa?

Abe ƒe etɔ̃ ene la, ɖɔkta eve sɔŋ nɔ ŋku lém ɖe nye nɔnɔmea ŋu, gake gɔglɔ̃m ko nye dzimeƒua nɔ ɖe edzi. Nɔnɔmea va gblẽ ɖe edzi ale gbegbe be nye dzimeƒua va nɔ mimim ɖe nye dzi kple dzitodzito ŋu si wɔe be gbɔgbɔ zua dɔ nam. Eva hiã godoo be woawɔ dɔ nam.

Ðe nèlɔ̃ be woawɔ dɔ na wòa?

Ɛ̃. Gake wogblɔ nam be dɔa wɔwɔ nam manɔ bɔbɔe o. Ɣemaɣi la, nye dzimeƒua glɔ̃ vevie ɖo eƒe sesẽaƒe. Le gonyeme la, kuxi aɖe li si wòle be míakpɔ ta na. Le nye dzixɔse si nɔ te ɖe Biblia dzi ta la, nyemalɔ̃ woado ʋu nam o. *

Ðe mieke ɖe ɖɔkta aɖe si lɔ̃ be yeawɔ dɔ na wò ʋumadomadoe ŋua?

Nye kple danye míekpɔ ɖɔkta aɖe le mia de Florida, le U.S.A. Gake esi megblɔ nɛ be nyemalɔ̃ woado ʋu nam o la, egblɔ be ɖɔkta aɖeke mate ŋu awɔ dɔ na ame le nɔnɔme sesẽ sia tɔgbi me ʋumadomadoe o. Egblɔ hã be nyemanɔ agbe axɔ ƒe 20 ne womewɔ dɔ nam o. Ƒe 14 koe mexɔ ɣemaɣi.

Ðe nèɖe susu siwo ta màlɔ̃ ado ʋu o la me nɛa?

Ɛ̃. Megblɔ nɛ be Biblia dzie metu nye dzixɔsewo ɖo, eye megblɔ nɛ hã be Mawu bua amegbetɔwo kple lãwo siaa ƒe ʋu be enye nu kɔkɔe. * Le Israel-viwo gome la, ne wo dometɔ aɖe ɖu ʋu la, ɖe wowunɛ! * Metsɔ nya si le Dɔwɔwɔwo 15:19, 20 hã fiae. Nya siwo le afi ma ƒe akpa aɖe gblɔ na Kristotɔwo be: “Woatsri . . . ʋu.” Esia fia be mele be woaɖui loo alo adoe to ʋukawo me o.

Aleke ɖɔktaa wɔ nui?

Egblɔ be ele be yeado ʋu nam godoo. Nu si gawɔ nukue nye be wogblɔ nam be ne melɔ̃ wodo ʋu nam la, yewomaxɔ ga aɖeke le asinye le kɔa dzi ne wowɔ dɔ nam o.

Nya nyui aɖee nye ema! Nu kae wò kple dawò miewɔ?

Togbɔ be ɖɔktaawo dometɔ aɖeke medi be yeawɔ dɔa ʋumadomadoe o hã, míeɖoe kplikpaa be míalé míaƒe dzixɔsewo me ɖe asi sesĩe. Nyaa va do gã ɖe edzi kura emegbe. Le se nu la ɖevie menye. Eya ta esi nye nɔnɔmea nɔ gbegblẽm ɖe edzi ta la, wotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe le Florida. Gake le ʋɔnua la, ʋɔnudrɔ̃laa na ŋkeke 30 mí be míatsɔ adi ɖɔkta si alɔ̃ awɔ dɔ nam ʋumadomadoe.

Ke ɖe mieke ɖe ame aɖe ŋua?

Ɛ̃! Yehowa Ðasefowo ƒe Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmiti la me tɔwo ke ɖe ɖɔkta aɖe si nya nu tso dɔléle sia ƒomevi ŋu nyuie le New York si lɔ̃ be yeawɔ nye didia dzi nam, eye wòdi be yeado go kplim. Eya ta míeke ɖe ame aɖe ŋu hafi ŋkeke 30 la de. *

Aleke dɔa wɔwɔ na wò va yii?

Nuwo yi nyuie ŋutɔ! Ðɔkta Robert M. Bernstein ƒo gavi aɖewo ɖe nye dzime tsɔ dzɔ nye dzimeƒua. Ewɔ dɔa nam zi eve, ewɔ gbãtɔ, eye le kwasiɖa eve megbe la egawɔ evelia.

Nu ka tae wònye zi eve?

Ne ɖe ʋu do le ŋunye sɔ gbɔ le dɔa wɔwɔ nam zi gbãtɔ me la, kaka kwasiɖa eve nava yi la nye ʋu agate ŋu adzi ɖe edzi ale be woate ŋu awɔ dɔ nam zi evelia. Amekolawo ƒe bibi, ɖoɖo nyui wɔwɔ kple fɔléle ɖe nu ŋu na be nuwo zɔ nyuie si wɔe be ʋu medo le ŋunye sɔ gbɔ le dɔwɔwɔ nam zi evea katã me o. Mehaya hã kaba, eye nyemedo go kuxi siwo dɔnɔwo doa goe ne wodo ʋu na wo la ƒe ɖeke o. *

Aleke amekolaa se le eɖokui me?

Anyo be ɖɔktawo nabu dɔnɔa ƒe nuhiahiã ɖe sia ɖe ŋu.

Dzi dzɔe ŋutɔ! Egblɔ be: “Menye amekoko koe nye dɔdada na ame o.” Eƒe susue nye be anyo be ɖɔktawo nabu dɔnɔa ƒe nuhiahiã ɖe sia ɖe ŋu, eye eƒe dzixɔsewo kple nu siwo le vevie nɛ hã le eme. Ame geɖe siwo menye Yehowa Ðasefowo o hã alɔ̃ ɖe ɖɔktaa ƒe nya mawo dzi.

^ mm. 7 Song Hee dada nye Yehowa Ðasefo. Eye Song Hee hã le ha ma me, le ƒe 2012 me, esime wòxɔ ƒe 16 la, wonyrɔe ɖe tsi me wòzu ɖasefo.

^ mm. 17 Kɔdzi Kadodo Dzikpɔkɔmitiwo kpena ɖe Ðasefo siwo dze dɔ ŋu be woake ɖe ɖɔkta siwo awɔ dɔ na wo nyuie evɔ womado ʋu na wo la ŋu.

^ mm. 21 Dɔwɔƒe aɖe si kpɔa atike nyui wɔwɔ na ame ƒe nyawo gbɔ le New South Wales (Australia) gblɔ tso afɔku siwo le ʋudodo me ŋu le nyati aɖe si wota me be: “Ðeko ʋudodo le abe ame bubu ƒe ŋutinu aɖe tsɔtsɔ aɖɔli ame bubu tɔ ene. Ne woɖe ame aɖe ƒe ŋutinu tsɔ ɖɔli ame bubu tɔ la, ŋutilãa ate ŋu agbe exɔxɔ. Esia me tsonu hea afɔkuwo vanɛ.”