Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Ŋutasẽnuwɔwɔ

Ŋutasẽnuwɔwɔ

Tso gbe aɖe gbe kee ŋutasẽnuwɔwɔwo xɔ aƒe ɖe anyigba dzi. Ðe wòayi edzi alea ɖaa?

Aleke Mawu bua ŋutasẽnuwɔwɔe?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Mawu subɔla geɖewo bunɛ be ŋutasesẽ le ame si di nya le ame ŋuti ŋu ya menye nu gbegblẽ o. Eye ame miliɔn geɖewo bua ŋutasẽnu siwo wowɔna le filmwo me be wonye modzakaɖeɖe siwo sɔ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Niniwe si nye blema Asiria Fiaɖuƒea ƒe fiadu la ƒe glikpowo gakpɔtɔ le du si woyɔna be Mosul le Irak ƒe dziehe va se ɖe egbe. Le ɣeyiɣi si me amewo de ha le dua me kpaŋkpaŋ la, Biblia ya gblɔe ɖi be Mawu ana “Niniwe nazu aƒedo.” (Zefaniya 2:13) Mawu gblɔ tso dua ŋu be: “Mana nàzu nukpɔkpɔ.” Nu ka tae? Elabe Niniwe nye “du si kɔa ʋu ɖi.” (Nahum 1:1; 3:1, 6) Eye Psalmo 5:6 gblɔ be: “Yehowa tsri ŋutasẽlawo.” Abe ale si Niniwe ƒe glikpowo nye kpeɖodzi ene la, Mawu wɔ eƒe nyaa dzi.

Satana Abosam si nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe futɔ gãtɔ la gbɔe ŋutasẽnuwɔwɔ dzɔ tso. Yesu yɔ Satana be ‘amewula.’ (Yohanes 8:44) Gawu la esi wònye be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te” ta la, eƒe nɔnɔmewo dzena le ale si amewo bua ŋutasẽnuwɔwɔe me hekpe ɖe ale si amewo kpɔa dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋutasẽnu siwo wowɔna le filmwo me ŋu la ŋu. (1 Yohanes 5:19) Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míalé fu ŋutasẽnuwɔwɔ eye míalɔ̃ nu siwo Mawu lɔ̃na. * Ðe wòanya wɔa?

‘Yehowa léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’Psalmo 11:5.

Ðe ŋutasẽnuwɔlawo ate ŋu atrɔa?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Amegbetɔwo dzɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ, eya ta womate ŋu atrɔ o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be: “Miɖe asi le nu siawo katã ŋu keŋkeŋ: dziku, dɔmedzoe, vɔ̃ɖinyenye, eye nya veamewo kple yakanyawo negado le mia nu o.” Egagblɔ hã be: “Miɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.” (Kolosetɔwo 3:8-10) Ðe nu si Mawu bia tso mía si la sesẽ akpa? Ao. Amewo ate ŋu atrɔ. * Aleke wòanya wɔe?

Nu gbãtɔ si hiãe nye be sidzedze vavãtɔ nasu asiwò ku ɖe Mawu ŋu. (Kolosetɔwo 3:10) Ne ame si si dzi nyui le srɔ̃ nu tso Wɔla la ƒe nɔnɔme kple dzidzenu lédzinamewo ŋu la, lɔlɔ̃ ʋãnɛ wòtena ɖe Mawu ŋu eye wòlɔ̃na be yeawɔ nu si dzea eŋu.—1 Yohanes 5:3.

Nu eveliae nye ame siwo míedea ha kple. “Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mègado ka kple dzikutɔ o, ne nàva srɔ̃ eƒe mɔwo, eye wòazu mɔ̃ aɖe wò o.”—Lododowo 22:24, 25.

Nu etɔ̃liae nye nunya. Esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be le nyateƒe me la, gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe le ame siwo wɔa ŋutasẽnuwo la ŋu, eyae nye be wometea ŋu ɖua wo ɖokuiwo dzi o. Gake ŋusẽ ememetɔ le ame fatuwo ya si. Lododowo 16:32 gblɔ be: “Ame si gbɔa [dzi ɖi] blewu la nyo wu kalẽtɔ.”

“Miyi edzi mianɔ ŋutifafa me kple amewo katã.”Hebritɔwo 12:14.

Ðe ŋutasẽnuwɔwɔ nu ayi gbe aɖe gbea?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Tso gbe aɖe gbe kee ŋutasẽnuwɔwɔ li eye anɔ anyi tegbee.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o . . . Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:10, 11) Ɛ̃, Mawu atu nu kple ame siwo lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ abe ale si wòtui kple blema Niniwetɔwo ene eye wòaxɔ na ame fafawo kple ŋutifafamewo. Eye tso ema dzi la, ŋutasẽnuwɔwɔ magagblẽ ŋutifafa me le anyigba dzi gbeɖegbeɖe o!—Psalmo 72:7.

‘Ame fafawo anyi anyigba la dome.’—Mateo 5:5

Eya ta fifiae wòle be míasrɔ̃ ale si míanye ŋutifafamewo ale be Mawu nave mía nu. Eya ŋuti 2 Petro 3:9 gblɔ be: ‘Yehowa gbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.’

“Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.”Yesaya 2:4.

^ mm. 7 Mawu ɖe mɔ na Israel-viwo be woawɔ aʋa aʋli woƒe anyigba ta. (2 Kronika 20:15, 17) Gake esia nu va yi esi Mawu tso nubabla si nɔ eya kple Israel-viwo dome la me eye wòɖo Kristo-hame, si si anyigba aɖeke koŋ mele o la anyi.

^ mm. 11 Ame siwo te ŋu trɔ la ƒe ŋutinyawo dzena le Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” me.