Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ne Viwò Bia Nya Wò Tso Ku Ŋu

Ne Viwò Bia Nya Wò Tso Ku Ŋu

KUXIA

Viwò si xɔ ƒe ade bia wò be: “Ta, wò hã ègbɔna kuku gea?” Nyabiasea wɔ nuku na wò eye nèbia ɖokuiwò be: ‘Ðe vinyea tsi ase nya sia gɔmea? Aleke maɖe nu me nɛ tso ku ŋu?’

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ðeviwo bua tame tso ku ŋu. Ne wole fefem la, wo dometɔ aɖewo wɔa aye be yewoku gɔ̃ hã. Eya ta mele be nàƒo asa na nuƒoƒo tso ku ŋu na viwòa o, eye ne ebia nya aɖe wò tso ku ŋu la, lɔ̃ faa nàɖe eme nɛ. Ne èƒoa nu tso ku ŋu na viwòa ɣeaɖewoɣi la, awɔe be mavɔ̃ agbɔ eme ne miaƒe ame vevi aɖe ku o.

Nuƒoƒo tso ku ŋu mana viwò navɔ̃ agbɔ eme o. Ke boŋ aɖe eƒe vɔvɔ̃a dzi akpɔtɔ. Ke hã ehiã be nàɖɔ eƒe susu ɖo le nanewo gome. Le kpɔɖeŋu me, numekula aɖewo gblɔna be ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe ade haɖe o la dometɔ geɖe bunɛ be ame ate ŋu aku agafɔ enumake. Ne ɖeviwo le fefem la, wo dometɔ aɖewo kua ayeku, eye kaka nàkpɔ la, woawoe nye ema gafɔ.

Gake ne ɖeviawo va tsi vie wu la, wova nɔa tame bum tso ku ŋu vevie, esiae wɔnɛ be wonɔa nya geɖewo biam, wotsia dzi eye wovɔ̃na gɔ̃ hã, vevietɔ ne woƒe ame vevi aɖe ku. Eya ta ele vevie be miadzro nu me tso ku ŋu kpli wo. Susuŋutinunyala Marion Haza gblɔ be: “Ne viwòa se le eɖokui me be mèlɔ̃na ɖoa dze tso ku ŋu na ye o la, atsi dzi vevie ne ele tame bum tso ku ŋu.”

Mehiã be nàtsi dzi fũu ɖe nya si nàgblɔ nɛ ŋuti o. Le numekuku aɖe nu la, nu si ko ɖeviwo “dinae nye be woagblɔ nyateƒea na yewo tufafatɔe.” Nyae be ɖeviwo mebiaa nya ne womesu te na ŋuɖoɖoa sese o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi ŋu dɔ nàƒo nu tso ku ŋu nɛ. Ne viwòa kpɔ xevi kuku aɖe le mɔ to alo miaƒe aƒemelã aɖe ku la, àte ŋu abia nya bɔbɔe aɖewoe siwo ana wòagblɔ eƒe susu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abiae be: “Ðe lã kukua le fu kpema? Ðe vuvɔ le ewɔma? Ðe dɔ le ewuma? Aleke nàwɔ anya be ame alo lã aɖe ku?”—Biblia ƒe mɔfiame: Nyagblɔla 3:1, 7.

Mègaɣla nyateƒea ɖee o. Ne miaƒe ame nyanyɛ alo ƒometɔ aɖe ku la, mègade ba mo na nyaa agblɔ be, “Eyi nugbe” o. Viwòa asusui vodadatɔe be ame si ku la agatrɔ agbɔ kpuie. Ke boŋ zã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe nàtsɔ aɖe nu me nɛ. Àte ŋu agblɔ nɛ be: “Esi mama kua, eƒe ŋutilã megale dɔ wɔm o. Mímagate ŋu aɖo dze kplii o, gake míate ŋu anɔ ŋku ɖom edzi.”—Biblia ƒe mɔfiame: Efesotɔwo 4:25.

Esi ɖeviwo susunɛ be ne wole nu ƒom tso ku ŋu la ɖe wokuna ta la, ka ɖe edzi nɛ be naneke mele ewɔ ge o

Ka ɖe edzi nɛ be menye eƒe vodadae o. Ate ŋu asusui be yee wɔ nane alo yee susu nane tae amea ku. Esi nàgblɔ ko be menye egbɔ wòtso be amea ku o teƒe la, àte ŋu abiae be: “Nu kae na nèsusui be wò vodadae?” Ðo to nyuie nàse eƒe nyawo, eye mègada eƒe nyawo ɖe anyi o. Esi ɖeviwo susunɛ be ne wole nu ƒom tso ku ŋu la ɖe wokuna ta la, ka ɖe edzi nɛ be naneke mele ewɔ ge o.

Na viwòa nagblɔ eƒe susu. Miɖo dze tso miaƒe ame vevi siwo ku, siwo dometɔ aɖewo nye miaƒe ƒometɔ siwo viwòa mekpɔ kpɔ o, la ŋu. Àte ŋu agblɔ nu nyui siwo mia tasi, nyrui, mama alo tɔgbui aɖe wɔ kpɔ la nɛ, eye miagblɔ nu ɖikokoe aɖe si amea wɔ kpɔ hã nɛ. Ne mieƒoa nu tso ame siawo tɔgbi ŋu la, akpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be mele be yeaƒo asa na wo ŋu bubu alo nuƒoƒo tso wo ŋu o. Gake mègazi viwòa dzi be wòaƒo nu kokoko o. Àte ŋu ado nyaa ɖa ɣebubuɣi si nèkpɔ be asɔ wu.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 20:5.

Agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe ta 34 kple 35 ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ nu tso nya si Biblia gblɔ tso ku ŋu la ŋu. Ele AGBALẼWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO