Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Costa Rica

Tsaɖiɖi Yi Costa Rica

ƑE ALAFA atɔ̃e nye esi va yi la, Spaniatɔwo va nuto sia me. Wona ŋkɔe be Costa Rica (Kesinɔnuwo Ƒe Ƒuta), elabena wosusui be yewoakpɔ sika geɖe le afi sia​—gake wokui wòɖuɖu. Egbea menye tomega xɔasiwoe bɔ ɖe du sia me o, ke boŋ enye anyigbadzidukɔ siwo me lãwo kple ati vovovowo bɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka.

Amewo yɔa Costa Ricatɔwo be Ticowo. Zi geɖe la, du sia me tɔwo lɔ̃a “-ico” tsɔtsɔ ɖo nyawo ƒe nuwuwu tsɔ ɖɔa nane ƒe suenyenye. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be “un momentico” (megbɔna vie) le esi woagblɔ be “un momento” (megbɔna) teƒe. Le woƒe gbe sia gbe dzeɖoɖo me la, ne wodi be yewoada akpe ɖe nane ta, ado gbe na ame alo aklã ame be yewodzo la, wogblɔna ko be “¡pura vida!” (agbe kɔkɔe!).

Lã kple ati vovovo siwo nya kpɔ ŋutɔ la le Costa Rica ƒe avewo me, wo dometɔ ɖekae nye akpɔkplɔ ŋkudzĩ si le dzedzem le afi sia

Costa Ricatɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖee nye gallo pinto (si gɔme ɖeɖe tẽe nye “koklotsu ŋɔtaŋɔta”). Enyea mɔlu kple ayi siwo woɖa vovovo, emegbe wova tsakaa wo kple nudonuwo ɖana ɖekae. Wotea ŋu ɖua gallo pinto le ŋdi, ŋdɔ kple fiẽ siaa. Woƒe nunono vevi aɖee nye café chorreado, enye kɔfi si wotsyɔna kple nutsyɔvɔ si wobla ɖe ati ŋu.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 450 woe le Costa Rica. Wowɔa woƒe kpekpewo le gbe ewo me, esiawo dometɔ aɖewoe nye Costa Rica Tokunɔgbe kple Costa Rica degbe eve siwo nye Bribri kple Cabecar.

ÈNYAA? Kpe nogo alafa geɖewo le Costa Rica. Kpeawo ƒe lolotɔ keke meta 2.4. Wogblɔ be kpeawo dometɔ aɖewo xɔ ƒe 1,400 kple edzivɔwo. Ame aɖeke menya afi si tututu kpe siawo tso o!

Kpe nogowo