Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?

Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?

DIANA * nye ɖetugbui si ƒe tagbɔ kɔ, edoa vivi ɖe ame ŋu eye wòwɔa xɔlɔ̃. Togbɔ be nɔnɔme lédziname siawo le Diana si hã la, seselelãme ɖefuname aɖe ɖe kpe nɛ si nana wòsena le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Ɣeaɖewoɣi la, seselelãme sia ɖea fu nɛ ŋkekewo, kwasiɖawo kple ɣletiwo. Egblɔ be: “Ku dzroam gbe sia gbe. Mexɔe se be xexea me anya nɔ na amewo wu ne meku.”

“Numekukuwo ɖee fia be ne ame ɖeka wu eɖokui la, ke ame 200 aɖewo ya tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokuiwo eye ame 400 hã bu eŋu.”THE GAZETTE, MONTREAL, CANADA.

Diana gblɔ be yemawu ye ɖokui gbeɖe ya o. Gake ɣeaɖewoɣi la, menyaa nu si koŋ tae wòagayi edzi anɔ agbe ɖo o. Egblɔ be: “Medina vevie be afɔku aɖe nadzɔ ɖe dzinye maku. Ku va zu nye velia, ke menye nye futɔ o.”

Ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me abe Diana ene, eye wo dometɔ aɖewo hã susui alo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui. Ke hã, numekulawo gblɔ be le ame siwo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui ƒe akpa gãtɔ gome la, menye ɖe wodi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe yewoƒe agbe ɖa o. Ðeko wodi be yewoatsi yewoƒe fukpekpewo nu. Kpuie ko la, wokpɔe be susu aɖe le yewo si si ta wòle be yewoawu yewo ɖokui ɖo. Eya ta nu si hiã koe nye be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be susu aɖewo li siwo tae wòle be woayi edzi anɔ agbe.

Nu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ agbe ɖo? Kpɔ susu etɔ̃ siwo tae la ɖa.

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.