Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kawoe Nye Dɔ Sia Wɔlawo?

Ame Kawoe Nye Dɔ Sia Wɔlawo?

Ƒomea Nadzro Eme

Ame Kawoe Nye Dɔ Sia Wɔlawo?

Blema Israel kplɔla eve kawoe nye alẽkplɔlawo kpɔ? Miŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fliawo dzi le ete.

1. KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Mose 3:1.

․․․․․

2. KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Samuel 17:34-36.

․․․․․

NUMEDZODZRO:

Nɔnɔme nyui kawoe wòle be alẽkplɔla nyui naɖe afia? Nu ka tae Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla, eye wòtsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple alẽwo?

Mixlẽ Yohanes 10:11-16.

NU KAE NÈNYA TSO FIA ASA ŊU?

3. Nu kae Asa wɔ esi wòva zu fia teti?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Kronika 14:1-4.

․․․․․

4. Du ka mee aʋawɔla akpe teƒe akpe tso va wɔ aʋa kple Asa?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Kronika 14:8, 9.

․․․․․

NUMEDZODZRO:

Aleke Asa wɔ nui esi Xanani ɖo aɖaŋu nɛ?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 2 Kronika 16:7-10.

Ðe wòsɔ be Asa nawɔ nu nenema? Aleke wòle be nàwɔ nui ne woɖo aɖaŋu na wò, eye nu ka tae?

TSO TATA SIA ME

Ðo biabia siawo ŋu, eye nàŋlɔ mawunyakpukpuia ƒe akpa si susɔ.

AXA 7 Nu kae wòle be míaƒle? Kolosetɔwo 4:․․․

AXA 9 Nu kae Yesu gblɔ be adzɔ ɖe ame siwo be ɣeyiɣi mele yewo si yewoase Mawu ƒe nya o dzi? Mateo 24:․․․

AXA 14 Nu kae wòle be míatsri? 1 Tesalonikatɔwo 4:․․․

AXA 15 Ame si nɔa agbe gbegblẽ la wɔa nu vɔ̃ ɖe nu ka ŋu? 1 Korintotɔwo 6:․․․

● Ŋuɖoɖoawo

ŊUÐOÐOAWO

1. Mose.

2. David.

3. Eɖe alakpasubɔsubɔ ɖa.

4. Etiopia.