Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ale Si Míana Kpekpeɖeŋu Ne Afɔku Dzɔ

Ale Si Míana Kpekpeɖeŋu Ne Afɔku Dzɔ

Dzɔdzɔmefɔkuwo le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ egbea. Ne afɔku dzɔa, ele be woawɔ ɖoɖo nyui siwo dzi woazɔ ɖo ana kpekpeɖeŋu amewo. Le esia taa, Dɔdzikpɔha na woɖo dɔwɔƒe si akpɔ kpekpeɖeŋunadɔwo dzi ne afɔku dzɔa ɖe alɔdzedɔwɔƒe ɖe sia ɖe.

Ne nɔvi siwo le dɔwɔƒe ma se be afɔku aɖe dzɔa, woyɔa hamemetsitsi siwo le nuto ma me enumake ale be yewoanya kpekpeɖeŋu si nɔviawo hiã. Ne afɔkua gblẽ nu ale gbegbe be nɔvi siwo le nutoa me mate ŋu akpɔ egbɔ le wo ɖokui si oa, alɔdzedɔwɔƒea atia nɔvi siwo dze be woavae xɔ ŋgɔ ana kpekpeɖeŋu wo. Nɔvi mawo ate ŋu abia be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nava kpe asi ɖe yewo ŋu alo be woabia be woadzɔ nanewo koŋ siwo nɔviawo hiã, alo be woaƒle wo ama na nɔviawo le nutoa me.

Eɖea vi geɖe ne wokpɔ nuwo gbɔ alea. Elabe ne nɔviwo tso le wo ɖokui si be yewoana kpekpeɖeŋua, edzia dɔ ɖe dɔ dzi dzodzro, nuwo tɔtɔna, eye ga kple nuhiahiãwo dome gblẽna.

Nɔvi siwo alɔdzedɔwɔƒea tia ate ŋu anya ga home kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo hiã na kpekpeɖeŋunadɔa wɔwɔ. Woate ŋu ate ɖe dumegãwo hã ŋu, elabe zi geɖea wotea ŋu kpena ɖe mía ŋu be míaƒe kpekpeɖeŋunadɔwo tsɔa afɔ. Eya ta mele be ame aɖeke natso le eɖokui si adzɔ ga le nɔviwo si, aɖo nuhiahiãwo ɖa, alo azɔ mɔ ayi afi si afɔkua gblẽ nu le o, negbe ɖe wobiae tso esi hafi.

Gake míedina vevie be míana kpekpeɖeŋu ne afɔku dzɔ. (Heb 13:16) Míelɔ̃ mía nɔviwo! Eya ta nu kae míate ŋu awɔ? Nu vevitɔe nye be míado gbe ɖa ɖe mía nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo kple ame siwo le kpekpeɖeŋu nam wo la ta. Míate ŋu adzɔ nu hã atsɔ akpe asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Dɔdzikpɔhaa fiaa mɔ alɔdzedɔwɔƒewo ale be wote ŋu nyaa afi siwo woazã nudzɔdzɔ siawo le wòaɖe vi wu. Eye ne míedi be míatsɔ mía ɖokuiwo ana akpe asi ɖe dɔa ŋua, míate ŋu akpe agbalẽvi si nye DC-50 ɖo.

MIKPƆ VIDEO SI NYE TSIÐƆÐƆ GBLẼ NU VEVIE LE BRAZIL, EYOME MIAÐO BIABIA SIA ŊU:

Aleke kpekpeɖeŋunadɔ si Yehowa Ðasefowo wɔ esi tsi ɖe nɔviwo le Brazil le ƒe 2020 mea wɔ dɔ ɖe dziwòe?