Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 65

Yi Ŋgɔgbe!

Yi Ŋgɔgbe!

(Hebritɔwo 6:1)

  1. 1. Yi ŋgɔgbe, Yi ŋgɔgbe, ɖo ta tsitsi me!

    Na nya nyuia ƒe kekelia naklẽ na ’me sia ’me.

    Na wò subɔsubɔdɔa nanyo ɖe ’dzi;

    Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

    ’Me sia ’me ƒe wɔƒe le vevie.

    Ye nye dɔ si Yesu do vevie.

    Kpɔ mɔ na Mawu be wòalé wò ɖe te.

    Ti dzɔdzɔenyenye yome.

  2. 2. Yi ŋgɔgbe, Yi ŋgɔgbe ɖaseɖiɖi me!

    Míatsɔ nya nyui mavɔ la yi na ame sia ’me.

    Míakafu Yehowa Fia la tso dzi me

    Le gbeƒãɖeɖedɔa me.

    Ne futɔ’o do ŋɔdzi na wò hã,

    Mègavɔ̃ o, na woase nya nyuia

    Be Mawu Fiaɖuƒe la va ɖo vavã.

    Na nyateƒea nadze ƒãa.

  3. 3. Yi ŋgɔgbe, Yi ŋgɔgbe

    nàdo vevie dɔ.

    ’Labena dɔ geɖe gali na mí be míawɔ.

    Trɔ yi ɖetsɔlemetɔwo katã gbɔ,

    Be nàɖo woƒe dzi gbɔ.

    Tsɔ ɖe le eme na ’me sia ’me,

    Kpe ɖe wo ŋu be woayi ŋgɔgbe,

    Be nàkpɔ dzidzɔ gbago le dɔ la me;

    Yayra geɖewo nàkpɔ.