Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 46

Yehowa, Míeda Akpe Na Wò

Yehowa, Míeda Akpe Na Wò

(1 Tesalonikatɔwo 5:18)

  1. 1. Yehowa, míeda ’kpe na wò gbe sia gbe,

    Be nèna wò kekelia klẽ na mí.

    Míeda ’kpe bena èsea gbedodoɖa,

    Wòe kpɔa hiahiãwo katã gbɔ na mí.

  2. 2. Yehowa, míeda ’kpe ɖe Viwò la ta,

    ’Labena elɔ̃ va ku ɖe mía ta.

    Míeda ’kpe ɖe wò mɔfiafia nyuiwo ta.

    Kpe ɖe mía ŋu be míawɔ wo dzi ɖaa.

  3. 3. Míeda ’kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔ la ta,

    Míetoa edzi kafua wò ŋkɔ gã la.

    Míeda ’kpe bena Paradiso ava,

    Ne míavo tso xaxawo me mlɔeba.