Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 118

Na Xɔse Geɖe Mí

Na Xɔse Geɖe Mí

(Luka 17:5)

  1. 1. Oo Mawu, esi míede blibo o taa,

    Míaƒe dzimedidiwo nye vɔ̃ ɖaa.

    Nu vɔ̃ aɖe li ɖea to ɖe mí bɔbɔe,

    Si nye wò Ma’u gbagbea dzi maxɔse.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, na xɔse geɖe wu mí.

    Míeɖe kuku, Mawu kpe ɖe mía ŋu.

    Kpɔ mía nublanui, na xɔse geɖe mí,

    Be míaƒ’agbenɔnɔ nakafu wò.

  2. 2. Xɔse manɔmee la, míadze ŋuwò o.

    Teƒeɖoɖo li na míaƒe xɔse.

    Xɔse sia kpɔa mía ta le nu sia nu me,

    Míenɔa te sesĩe, míevɔ̃a ’tsɔme o.

    (HAXE)

    Oo Yehowa, na xɔse geɖe wu mí.

    Míeɖe kuku, Mawu kpe ɖe mía ŋu.

    Kpɔ mía nublanui, na xɔse geɖe mí,

    Be míaƒ’agbenɔnɔ nakafu wò.