Psalmowo 6:1-10

  • Kokoƒoƒogbedodoɖa

    • Ame kukuwo mekafua Mawu o (5)

    • Mawu sea kokoƒoƒowo (9)

Na henɔ la, woadzii ɖe kasaŋku dzi, ɖe Seminit* dzi. David ƒe ha. 6  Oo Yehowa, mègaka mo nam le dziku me o,Eye mègaɖɔm ɖo le dɔmedzoe me o.+   Oo Yehowa, ve nunye* elabena eglom vɔ. Oo Yehowa, da gbe le ŋunye,+ elabena nu te nye ƒuwo ŋu.   Ɛ̃, metsi* dzodzodzoe ŋutɔ,+Oo Yehowa, mebe, va se ɖe ɣekaɣi?+   Oo Yehowa, trɔ va, xɔ nam;*+Ðem le wò lɔlɔ̃ si nu metsina o la ta.+   Elabena womegayɔa wò ŋkɔ* le ku me o;Ame kae akafu wò le Tsiẽƒe?*+   Meɖe hũ ʋuu ɖeɖi te ŋunye;+Mefa aɖatsi zã bliboa katã nye aba ƒo tsi belee;*Mefa avi kakaka nye dɔƒe ƒo tsi bekee.+   Nuxaxa na nu te nye ŋkuwo ŋu;+Edzi tsyɔ* le ame siwo katã le fu wɔmem la ta.   Mi nu vlo wɔlawo katã, mite ɖa le gbɔnye,Elabena Yehowa ase nye avigbe la.+   Yehowa ase nye kokoƒoƒo;+Yehowa ase nye gbedodoɖa. 10  Ŋukpe alé nye futɔwo katã eye woatɔtɔ;Woagbugbɔ ɖe megbe eye woƒe mo atsi dãa enumake.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “kpɔ nublanui nam.”
Alo, “nye luʋɔ tsi.”
Alo, “xɔ na nye luʋɔ.”
Alo, “womegaɖoa ŋku dziwò.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye aba ƒoa aɖatsi belee.”
Alo, “Elé ayi.”