Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ENELIA

“Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi”

“Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi”

1, 2. (a) Ƒo nu tso mɔ si zɔm Rut kple Naomi nɔ kpakple nu si tae wonɔ nu xam ɖo la ŋu. (b) Nu kae to vovo le Rut kple Naomi ƒe mɔzɔzɔa ŋu?

RUT kple Naomi wole tagbamɔ aɖe si to Moab ƒe tonutowo me la dzi yina. Wo ame evea koe le mɔa dzi azɔ, eye wole dzedzem sue le gbegbe gã ma dzi. Kpɔe ɖaa le susu me be ɣetrɔ ɖo, eye Rut trɔ kpɔ lɔ̃xoa, eye wòle eŋu bum kpɔ be ɖe ɣeyiɣia de azɔ be yewoadi teƒe aɖe atsi adɔ hã. Elɔ̃ Naomi vevie, eye awɔ nu sia nu si wòate ŋui be yealé be nɛ.

2 Wo ame evea siaa nɔ nu xam vevie. Ƒe aɖewoe nye ema Naomi zu ahosi, gake nya vɔ̃ aɖe gatui si na wògale nu xam fifia—viaŋutsu eve, siwo nye Xilion kple Maxlon ku. Rut hã le nu xam le srɔ̃a Maxlon ƒe ku ta. Woa kple Naomi woɖo ta teƒe ɖeka, woyina Betlexem, le Israel. Gake nane to vovo le wo ame evea ƒe mɔzɔzɔa ŋu. Aƒee Naomi yina, gake Rut ya gblẽ wo de, woƒe dekɔnuwo, kpakple woƒe mawuwo ɖi, yina tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe.—Xlẽ Rut 1:3-6.

3. Nyabiase kawo ƒe ŋuɖoɖowoe akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu tso Rut ƒe xɔse ŋu?

3 Nu kae ana ɖetugbui aɖe naɖe afɔ sia gbegbe? Aleke Rut awɔ adze agbe yeye gɔme ahakpɔ Naomi hã dzi? Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo me ku ɖe Moabitɔ Rut ƒe xɔse ŋu. (Kpɔ aɖaka si nye  “Agbalẽ Sue Si Woŋlɔ Aɖaŋtɔe” hã.) Gbã la, na míakpɔ ale si wòdzɔe be nyɔnu eve mawo va dze mɔ legbee ma zɔzɔ ɖo ta Betlexem.

Ku Gblẽ Nu Le Ƒome Aɖe Ŋu Vevie

4, 5. (a) Nu ka tae Naomi ƒe ƒomea ʋu yi Moab-nyigba dzi? (b) Nɔnɔme sesẽ kawoe dze ŋgɔ Naomi le afi ma?

4 Moab, si nye dukɔ sue aɖe si le Ƒu Kukua ƒe ɣedzeƒe gome lae Rut tsi le. Nutoa ƒe akpa gãtɔ nye togbɛ gbadza siwo dzi atiwo mebɔ ɖo o, hekpe ɖe bali globowo ŋu. Ne ku le ɖiɖim le Israel gɔ̃ hã la, nukuwo wɔna le “Moab-nyigba” ya dzi zi geɖe. Esia gbɔe wòtso be Rut va nya Maxlon kple eƒe ƒomea.—Rut 1:1.

5 Dɔ aɖe si to le Israel la wɔe be Naomi srɔ̃ Elimelex kpɔe be ehiã be ye kple ye srɔ̃ kpakple ye viŋutsu eveawo yewoaʋu le yewo denyigba dzi aɖanye amedzrowo le Moab-nyigba dzi. Woƒe ʋuʋua anya do kplamatsɛ ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ƒe mawusubɔsubɔ, elabena ele na Israel viwo be woanɔ ta dem agu le teƒe kɔkɔe si Yehowa ɖo ɖi la edziedzi. (5 Mose 16:16, 17) Gake Naomi te ŋu lé eƒe xɔse me ɖe asi. Ke hã, srɔ̃a ƒe ku gbã dzi nɛ.—Rut 1:2, 3.

6, 7. (a) Nu ka tae Naomi anya se veve esi viaŋutsuawo ɖe Moab nyɔnuwo? (b) Nu ka tae Naomi dze na kafukafu le ale si wòwɔ nu ɖe lɔ̃xoyɔviawo ŋui ta?

6 Anɔ eme be Naomi gase veve esi viaŋutsuawo va ɖe Moab nyɔnuwo. (Rut 1:4) Enyae be yewo tɔgbui Abraham dze agbagba vevie di srɔ̃nyɔnu na via Isak tso eya ŋutɔ detɔ siwo nye Yehowa subɔlawo dome. (1 Mose 24:3, 4) Emegbe wode se na Israel viwo le Mose ƒe Sea me be woagana wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo naɖe dukɔ bubu me tɔwo o, bena woagava ble Mawu ƒe amewo ade trɔ̃subɔsubɔ me o.—5 Mose 7:3, 4.

7 Ke hã, Maxlon kple Xilion ɖe Moab nyɔnuwo. Ðewohĩ esia te ɖe Naomi dzi, gake edze ƒãa be edze agbagba wɔ nu ɖe Rut kple Orpa, siwo nye lɔ̃xoayɔviwo la ŋu le lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo me. Anya nɔ mɔ kpɔm be gbe ɖeka, woava zu Yehowa subɔlawo abe ye ke ene. Aleke kee Naomi ɖase le eɖokui mee o, míekpɔe be Rut kple Orpa lɔ̃e ŋutɔ. Ƒomedodo nyui ma si nɔ wo dome la kpe ɖe wo ŋu esi vɔ̃ dzɔ ɖe wo dzi. Ðetugbui eveawo mekpɔ dzi vi aɖeke hafi va zu ahosiwo o.—Rut 1:5.

8. Nu kae anya na Yehowa ƒe nu nyo Rut ŋu?

8 Ðe mawusubɔsubɔ ƒe hehe si Rut dzilawo nae la dzrae ɖo ɖe dzigbãnya ma ŋua? Edze abe menɔ nenema o ene, elabena Moabitɔwo dea ta agu na mawu geɖewo, eye woƒe mawu vevitɔe nye Kemos. (4 Mose 21:29) Edze abe ŋutasesẽ kple ŋɔdzinuwo wɔwɔ, abe ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe, si xɔ aƒe ɖe trɔ̃subɔsubɔ me ɣemaɣi la nɔ Moabitɔwo hã ƒe subɔsubɔ me ene. Rut ade dzesi vovototo gã si le eƒe mawusubɔsubɔ kple nu siwo wòsrɔ̃ tso Maxlon alo Naomi gbɔ ku ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu nublanuikpɔla si lɔ̃a ame ŋu la dome godoo. Dziɖula lɔ̃amee Yehowa nye, ke menye ŋutasẽdziɖula o. (Xlẽ 5 Mose 6:5.) Esi dzigbãnyaa tu Rut teti la, anya te ɖe Naomi ŋu kplikplikpli wu tsã helɔ̃ faa ɖo to nya siwo nyɔnu tsitsi sia gblɔ nɛ ku ɖe Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, eƒe nukudɔwo kpakple ale si wòlɔ̃ eƒe amewo hekpɔa nublanui na woe la ŋu.

Rut wɔe nyuie be wòku ɖe Naomi ŋu esime nya vɔ̃ tu wo eye wonɔ nu xam

9-11. (a) Nyametsotso kae Naomi, Rut kple Orpa wɔ? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso afɔku si dzɔ ɖe Naomi, Rut kple Orpa dzi la me?

9 Naomi dina vevie be yease nya aɖe tso yewo denyigbaa ŋu. Gbe ɖeka, ese be dɔ si to le Israel la nu tso. Ðewohĩ esee le asitsala mɔzɔla aɖe nu. Yehowa gatrɔ susu ɖe eƒe amewo ŋu. Betlexem gɔmee nye “Abolo Ƒe Me,” eye du sia ƒe ŋkɔ gaɖi eŋu ake. Eya ta Naomi tso nya me be yeatrɔ ayi aƒe.—Rut 1:6.

10 Nu kae Rut kple Orpa awɔ? (Rut 1:7) Nu siwo me woto la na wo kple Naomi dome va le kplikplikpli. Edze abe Naomi ƒe dɔmenyonyo kpakple ale si wòka ɖe Yehowa dzi bliboe la wɔ dɔ ɖe Rut dzi etɔxɛe ene. Ahosi etɔ̃awo dze mɔ ɖo ta Yuda.

11 Rut ƒe ŋutinyaa ɖoa ŋku edzi na mí be afɔkuwo kple kunyawo tea ŋu dzɔna ɖe ame nyui ɖianukwarewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa dzi. (Nyagb. 9:2, 11) Efia mí hã be, ne ame vevi aɖe ƒe ku na míaƒe dzi gbã gudugudu la, nunya le eme be míadi akɔfafa tso ame bubuwo gbɔ, vevietɔ ame siwo tsɔ Yehowa, Mawu si Naomi subɔna la wɔ woƒe sitsoƒee.—Lod. 17:17.

Lɔlɔ̃ Deto Si Rut Ðe Fia

12, 13. Nu ka tae Naomi di be Rut kple Orpa natrɔ ayi woƒe aƒewo me ke menye be woadze ye yome o, eye aleke nyɔnu eveawo wɔ nui gbã?

12 Esi ahosi etɔ̃awo nɔ Moab ɖem ɖe megbe la, Naomi gatsi dzi ɖe nu bubu aɖe ŋu vevie. Enɔ ɖetugbui eve siwo nɔ mɔa zɔm kplii la ŋu bum, eye lɔlɔ̃ si woɖe fia eya kple viaŋutsuawo la nɔ susu me nɛ. Medi be yeadzi fukpekpe ɖe edzi na wo o. Ne wogblẽ wo denyigba ɖi hedze eyome la, kpekpeɖeŋu kae wòate ŋu ana wo le Betlexem?

13 Mlɔeba Naomi gblɔ na wo be: “Mitrɔ, eye mia dome ame sia ame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe ale si mieve mía kple ame kukuawo nui ene!” Eɖee fia hã be yele mɔ kpɔm be Yehowa ana srɔ̃ŋutsu wo, ne woagadze agbea gɔme. Biblia gblɔ be: “Eye wòɖuɖɔ nu na wo; tete wofa avi sesĩe.” Nu si tae Rut kple Orpa ƒe dzi ku ɖe nyɔnu dɔmenyotɔ ɖokuitɔmadila sia ŋu la me kɔ ƒãa. Wo ame evea siaa nɔ egbɔgblɔ dzi nɛ be: “Míayi wò dukɔ gbɔ kpli wò boŋ!”—Rut 1:8-10.

14, 15. (a) Nu ka gbɔe Orpa trɔ yi? (b) Aleke Naomi ƒo nya ɖe Rut nu be wòatrɔ le ye yome?

14 Gake Naomi mena ta bɔbɔe o. Ete gbe ɖe edzi na wo be kpekpeɖeŋu boo aɖeke meli yeate ŋu ana wo le Israel o, elabena srɔ̃ mele ye si ne wòakpɔ ye dzi o, viŋutsuwo hã mele ye si ne woaɖe o, eye manya wɔ be woava su ye si hã o. Eɖee fia be ŋutete si mele ye ŋu be yeakpe ɖe wo ŋu o la nye vevesese na ye. Orpa se Naomi ƒe nyawo gɔme. Eƒe ƒometɔwo le Moab, dadaa hã le afi ma, eye aƒe hã li si me wòanɔ. Ekpɔe be Moab nɔnɔ ade ye dzi wu. Ale wòtsɔ blanuiléle gbugbɔ nu na Naomi hetrɔ dze aƒe mɔ.—Rut 1:11-14.

15 Ke Rut ya ɖe? Naomi ƒe nyawo ka eya hã. Gake nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ke Rut ya ku ɖe eŋu.” Ðewohĩ Naomi gayi eƒe mɔzɔzɔa dzi hafi de dzesii be Rut le ye yome. Tete wògblɔ na Rut bena: “Kpɔ ɖa, atsuwòsi gbugbɔ yina eƒe dukɔ kple eƒe mawu gbɔ; gbugbɔ dze atsuwòsi yome!” (Rut 1:15) Naomi ƒe nyawo he míaƒe susu yi nya vevi aɖe dzi. Orpa metrɔ yina wo detɔwo ɖeɖe ko gbɔ o, etrɔ yina ‘eƒe mawuwo’ hã gbɔ. Kemos kple alakpamawu bubuawo subɔsubɔ dze eŋu. Nenemae wònɔ le Rut hã gomea?

16-18. (a) Aleke Rut ɖe lɔlɔ̃ deto fiae? (b) Nu kae Rut ƒe kpɔɖeŋua fia mí tso lɔlɔ̃ deto ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata siwo me nyɔnu eveawo dze le hã.)

16 Esi wo ame evea ɖeɖe susɔ ɖe mɔa dzi la, Rut ƒo nu kple Naomi ŋkume kple ŋkume, eye Rut ka ɖe edzi be dzimenya gblɔm yele nɛ. Elɔ̃ Naomi kple Mawu si Naomi subɔna la vevie. Eya ta Rut gblɔ nɛ be: “Mègaƒoe ɖe nunye be, magblẽ wò ɖi agbugbɔ le yowòme o! Ke boŋ afi si nàyi la, afi ma mayi; afi si nàtsi la, afi ma matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu; afi si nàku ɖo la, afi ma maku ɖo, eye afi ma woaɖim ɖo! Yehowa nefiam, eye wòagafiam ɖe edzi; negbe ku koe aklã mía dome!”—Rut 1:16, 17.

“Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu”

17 Rut ƒe nyawo ɖe dzesi ale gbegbe be ƒe 3,000 aɖewo le eƒe ku megbe gɔ̃ hã la, amewo gahea susu yia nya mawo dzi. Nya mawo ɖe nɔnɔme nyoameŋu, si nye lɔlɔ̃ deto la fia kɔtɛ. Rut ƒe lɔlɔ̃a sẽ ŋu, eye wòde to ale gbegbe be aku ɖe Naomi ŋu ayi afi sia afi si wòayi. Ku koe ate ŋu aklã wo dome. Naomi ƒe dukɔ ava nye eya ŋutɔ hã ƒe dukɔ, elabena Rut lɔ̃ be yeagblẽ Moab ƒe nuwo katã, siwo dome mawuawo hã le, la ɖi. Rut mewɔ nu abe Orpa ene o, ke boŋ elɔ̃ tso dzi blibo me be Naomi ƒe Mawu, Yehowa, nanye ye hã yeƒe Mawu. *

18 Eya ta wo ame evea ɖeɖe yi mɔ legbeea zɔzɔ dzi ɖo ta Betlexem. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be mɔa zɔzɔ axɔ abe kwasiɖa ɖeka ene. Gake ɖikeke mele eme o be, wo ame evea woakpɔ akɔfafa tso wo nɔewo gbɔ.

19. Aleke nèsusu be míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ deto afia le míaƒe ƒomea me, le xɔlɔ̃wo dome, kple hamea me abe Rut ene?

19 Egbea, ame geɖe xaa nu le xexea me godoo. Le míaƒe ɣeyiɣi sia si Biblia ɖɔ be “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” me la, nya vɔ̃ vovovo siwo nana míexaa nu la tua mí. (2 Tim. 3:1) Eya ta lɔlɔ̃ deto si ɖe dzesi le Rut ŋu la gale vevie fifia ŋutɔ. Lɔlɔ̃ deto nye lɔlɔ̃ ƒomevi aɖe si nana ame kuna ɖe ehavi ŋu goŋgoŋ tamanamanae—enye nɔnɔme nyui aɖe si ɖea vi geɖe le xexe manyatalenu sia me. Ele be lɔlɔ̃ sia nanɔ srɔ̃tɔwo, ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃wo si na wo nɔewo, eye míehiã lɔlɔ̃ sia le Kristo hamea hã me. (Xlẽ 1 Yohanes 4:7, 8, 20.) Ne míeɖea lɔlɔ̃ sia tɔgbi fiana la, ke míele Rut ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesia srɔ̃m.

Rut Kple Naomi Va Ðo Betlexem

20-22. (a) Aleke Moab-nyigba dzi nɔnɔ gblẽ nu le Naomi ŋui? (b) Ame ka gbɔe Naomi bui vodadatɔe be yeƒe fukpekpeawo tso? (Kpɔ Yakobo 1:13 hã.)

20 Ame aɖe ate ŋu agblɔ be lɔlɔ̃ deto le ye si, gake eɖeɖefia koŋue nye nyaa. Mɔnukpɔkpɔ su Rut si azɔ be wòaɖe lɔlɔ̃ deto afia Naomi kpakple Yehowa, si nye Mawu si eya ŋutɔ tia be yeasubɔ la.

21 Nyɔnu eveawo ɖo Betlexem mlɔeba. Enye kɔƒe aɖe si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa 10 le anyiehe gome. Edze abe Naomi kple eƒe ƒomea xɔ ŋkɔ le du sue sia me kpɔ ene, elabena du bliboa katã se Naomi ŋkɔ be etrɔ gbɔ. Dua me nyɔnuwo lé ŋku ɖe eŋu hegblɔ bena, “Naomi enye esia?” Edze ƒãa be Moab nɔnɔ na eƒe dzedzeme trɔ, eye edze le eƒe mo kple eƒe ameti bliboa ŋu be eto vevesese kple nɔnɔme sesẽ geɖewo me.—Rut 1:19.

22 Naomi ƒo nu tso dzigbãnya siwo tui la ŋu na ƒometɔ kple aƒelika siwo wògblẽ ɖi ƒe geɖewoe nye ema la. Edi gɔ̃ hã be woayɔ ŋkɔ Mara, si gɔmee nye “Veve” na ye ɖe Naomi, si gɔmee nye “Nye Dzidzɔ” teƒe. Naomi ƒe nu wɔ nublanui loo! Esusui be Yehowa Mawu gbɔe yeƒe fukpekpeawo tso, abe ale si Hiob, ame si nɔ agbe do ŋgɔ nɛ la, hã se le eɖokui me ene.—Rut 1:20, 21; Hiob 2:10; 13:24-26.

23. Nu ka ŋue Rut te ŋugbledede le, eye ɖoɖo kae le Mose ƒe Sea me na ame dahewo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

23 Esi nyɔnu eveawo gava le agbea gɔme dze ge le Betlexem la, Rut le tame bum azɔ le ale si wòawɔ akpɔ eya ŋutɔ kple Naomi dzii la ŋu. Ese be wowɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe ɖe ame dahewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu le Se si Yehowa de na eƒe dukɔ Israel la me. Woɖe mɔ na wo be woage ɖe agblewo me le nuxaɣi ahanɔ nuxalawo yome afɔ nuku siwo wogblẽ ɖi eye woaxa esiwo le boto kple dzogoewo dzi hã. *3 Mose 19:9, 10; 5 Mose 24:19-21.

24, 25. Esi wòdzɔ be Rut va do ɖe Boas ƒe agble me la, nu kae wòwɔ, eye aleke nukufɔfɔdɔa nɔ?

24 Luŋeɣi ɖo. Le egbe ƒe ɣletigbalẽ nu la, anye April mee, eye Rut yi agbleawo dzi be yeakpɔ ɖa be ame kae aɖe mɔ na ye yeafɔ nuku siwo dzɔ ɖe anyigba le eƒe agble me hã. Nanetɔe la, eva do ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Boas, si nye anyigbatɔ hotsuitɔ aɖe la ƒe agble me. Boas nye Naomi srɔ̃ Elimelex, si megava li o la, ƒe ƒometɔ. Togbɔ be le Sea nu la, Rut kpɔ mɔ afɔ nukuwo le agblea me hã la, ebia mɔ le ɖekakpui si le nuxalawo nu la gbɔ. Esi wona mɔ Rut ko la, edze nukufɔfɔ gɔme enumake.—Rut 1:22–2:3, 7.

25 Kpɔ Rut ɖaa le susu me esime wòle nuxalawo yome. Esi wotsɔ hɛ gobɛwo le luawo xam la, Rut hã bɔbɔ le wo yome hele esiwo dzɔ ɖi alo esiwo wogblẽ ɖi la fɔm le bablam tatata. Eyome efɔ wo yi afi si wòava ƒo wo le emegbe. Dɔa menɔ bɔbɔe o, exɔ ɣeyiɣi, eye wòsesẽ ɖe edzi esi ŋdɔ va nɔ ʋuʋum. Ke hã, Rut nɔ dɔ dzi, metɔna o, negbe ɖe wòdi be yeatutu fifia le ŋkume alo aɖu ŋdɔnu, ɖewohĩ le agbadɔ aɖe si wotu na dɔwɔlaawo la te.

Rut lɔ̃ faa be yeabɔbɔ ye ɖokui awɔ dɔ sesẽ atsɔ akpɔ woa kple Naomi dzi

26, 27. Ame ka ƒomevie Boas nye, eye aleke wòwɔ nu ɖe Rut ŋui?

26 Anɔ eme be Rut menɔ mɔ kpɔm be ame aɖe ade dzesi ye o, gake amewo de dzesii. Boas kpɔe, eye wòbia ɖekakpui si le ameawo nu be ame kae wònye hã. Boas, si nye ŋutsu si ƒe xɔse ɖe dzesi la, do gbe na eƒe dɔwɔlawo gblɔ bena: “Yehowa anɔ anyi kpli mi!” Wo dometɔ aɖewo anya nye apadɔwɔlawo alo amedzroviwo gɔ̃ hã, eye woawo hã wogblɔ nya mawo ke tsɔ ɖo eŋu nɛ. Ŋutsu sia si tsi wu Rut eye wòlɔ̃ Yehowa la tsɔ ɖe le eme na Rut abe via ene.—Rut 2:4-7.

27 Boas yɔ Rut be “vinye,” eye wògblɔ nɛ be wòava nɔ nukuawo fɔm le yeƒe agble me, eye wòalé eɖokui ɖe yeƒe dɔlanyɔnuwo ŋu bene dɔlaŋutsuawo dometɔ aɖeke nagaɖe fu nɛ o. Ekpɔ egbɔ hã be Rut ɖu nu le ŋdɔnuɖuɣi. (Xlẽ Rut 2:8, 9, 14.) Gawu la, ekafui hede dzi ƒo nɛ. Aleke wòwɔ esiae?

28, 29. (a) Aleke wonya Rut le nutoa mee? (b) Aleke wò hã nàte ŋu adi sitsoƒe le Yehowa gbɔ abe Rut ene?

28 Esi Rut bia Boas be nu ka tae wòve ye, si nye amedzrovi la nu alea gbegbe ɖo hã la, Boas ɖo eŋu nɛ be yese nu tso nu siwo katã wòwɔ na lɔ̃xoa Naomi la ŋu. Anɔ eme be Naomi ƒo nu nyui tso Rut ŋu na Betlexem nyɔnuwo, eye Boas hã se eŋuti nya. Enyae hã be Rut va zu Yehowa subɔla, elabena egblɔ be: “Yehowa naɖo wò nuwɔwɔ teƒe na wò, eye fetu dedie le Yehowa, Israel ƒe Mawu, si ƒe aʋala te nèva sisi ge tso la, gbɔ na wò!”—Rut 2:12.

29 Aleke gbegbe nya mawo ade dzi ƒo na Rut enye esi! Nyateƒee, Rut va be ɖe Yehowa Mawu ƒe aʋala te abe ale si ko xevi sue bena ɖe dadaa ƒe aʋala te henɔa dedie la ene. Eda akpe na Boas ɖe ale si wòde dzi ƒo nɛ ta. Eye wòyi dɔwɔwɔ dzi va se ɖe ɣetrɔ.—Rut 2:13, 17.

30, 31. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Rut gbɔ ku ɖe fɔléle ɖe dɔ ŋu, ŋudzedzekpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ deto ɖeɖe fia ŋu?

30 Xɔse si Rut ɖe fia la nye kpɔɖeŋu vavã na mí ame siwo katã dagbana le ɣeyiɣi sia si me ganyawo le sesẽm le la me. Rut mekpɔ mɔ be ame bubuwo nakpɔ ye dzi o, eya ta ekpɔ ŋudzedze ɖe dɔmenyo ɖe sia ɖe si wowɔ nɛ ŋu. Mekpe ŋu nɛ be wòawɔ dɔ sesẽ atsɔ akpɔ ame si wòlɔ̃ la dzi o, togbɔ be dɔa bia ɖokuibɔbɔ hã. Elɔ̃ faa wɔ aɖaŋu si woɖo nɛ ku ɖe ha nyui dede kpakple mɔ si nu wòawɔ dɔa le be wòanɔ dedie ŋu la dzi. Gawu la, eyi edzi nɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa Mawu, Fofoa ametakpɔla, si nye sitsoƒe vavã nɛ la ŋu.

31 Ne míesrɔ̃ kpɔɖeŋu si Rut ɖo ɖi le lɔlɔ̃ deto ɖeɖe fia, ɖokuibɔbɔ, kutrikuku kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu gome la, míawo hã míava nye xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo na ame bubuwo. Gake aleke Yehowa kpɔ Rut kple Naomi dzii? Míadzro esia me le ta si kplɔe ɖo me.

^ mm. 17 Eɖe dzesi be menye dzesideŋkɔ gbadza si nye “Mawu” koe Rut zã, abe ale si wòanɔ le dukɔ bubu me tɔ geɖewo gome ene o; ezã Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ Yehowa hã. Biblia gɔmeɖeɖe aɖe gblɔ be: “Agbalẽa ŋlɔla to esia dzi te gbe ɖe edzi be amedzrovi sia nye Mawu vavã la yomedzela.”—The Interpreter’s Bible.

^ mm. 23 Se sia le etɔxɛ, eye ɖikeke mele eme o be, se sia tɔgbi menɔ afi si Rut tso va o. Ɣemaɣi la, blema Titina Ɣedzeƒetɔwo mewɔa nu ɖe ahosiwo ŋu nyuie kura o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne nyɔnu aɖe srɔ̃ ku la, zi geɖe la, viaŋutsuwoe kpɔa edzi, ke ne viŋutsu mele esi o la, atsɔ eɖokui adzra kluvii alo wòanye gbolo, alo ku koe ava xɔ nɛ.”