Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Agbalẽ Gbadza Sia Naɖe Vi Na Wò

Ale Si Nàwɔ Agbalẽ Gbadza Sia Naɖe Vi Na Wò

Agbalẽ gbadza sia akpe ɖe ŋuwò be nusɔsrɔ̃ tso Mawu ƒe Nya Biblia la me tẽe navivi nuwò. Mawunyakpukpui siwo le memama ɖe sia ɖe te la fia afi si nàte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo wona xexlẽdzesii la axlẽ le wò Biblia me.

Ne èle mawunyakpukpuiawo sem la, de ŋugble tso ale si woɖo biabia siawo ŋui la ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe be yeakpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le gɔmesese si le Ŋɔŋlɔawo ŋu la ŋuti.​—Xlẽ Luka 24:32, 45.

De dzesii: Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ siwo katã woyɔ le agbalẽ gbadza sia me.