‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’

Agbalẽ sia ƒo nu tso ale si Kristo hamea dze egɔme le ƒe alafa gbãtɔ me kple ale si wòka mí Kristotɔ siwo li egbea ŋu.

NEƲU   NETU

Anyigbatatawo

Anyigbatata siwo na míekpɔ Israel kple teƒe siwo te ɖe eŋu kpakple mɔ siwo apostolo Paulo to le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔwo me.

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu le megbe na mí esi míele ‘ɖase ɖim tso mawu fiaɖuƒea ŋu tsitotsito’?

TA 1

“Miheyi Ðawɔ . . . Nusrɔ̃lawo”

Yesu gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia na dukɔwo katã. Aleke wole dɔ sia wɔmee?

TA 2

“Mianye Nye Ðasefowo”

Aleke Yesu dzra eƒe apostoloawo ɖo be woaxɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa?

TA 3

“Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Katã Taŋ”

Aleke wozã gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ ɖo Kristo hamea anyii?

TA 4

“Womenya Agbalẽ O, Eye Wonye Ame Tsɛwo”

Dzi nɔ apostoloawo ƒo eye Yehowa yra wo.

TA 5

“Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene”

Apostoloawo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Kristotɔ vavãwo katã.

TA 6

Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si dzi nɔ Stefano ƒo wòɖi ɖase le Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ŋkumea me?

TA 7

Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”

Nyanyuigblɔla Filipo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi.

TA 8

Hamea “Ƒe Tome Fa”

Saul si nye yometila sẽŋuta va zu nyanyuigblɔla si me dzo nɔ.

TA 9

“Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”

Gbeƒãɖeɖedɔa ɖo dukɔwo me tɔwo gbɔ.

TA 10

“Yehowa Ƒe Nya Kaka Ðe Edzi”

Woɖe Petro le gaxɔ me, eye yometiti na nya nyuia keke ta boŋ.

TA 11

‘Wonɔ Dzidzɔ Kpɔm Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe Yɔ Wo Fũu’

Ale si Paulo wɔ nui esi wòdo go ame wɔadã siwo medi be yewoaɖo to o la nye kpɔɖeŋu na mí.

TA 12

“Yehowa Do Ŋusẽ Wo Woƒo Nu Dzinɔameƒotɔe”

Paulo kple Barnaba bɔbɔ wo ɖokui, wodo vevie nu, eye wotrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu.

TA 13

‘Nyaʋiʋli Ðo Wo Dome Vevie’

Wotsɔ aʋatsotso ƒe nyaa ɖo dɔdzikpɔhaa ŋkume.

TA 14

“Mí Katã Míelɔ̃ Ðe Edzi”

Xlẽ nu tso ale si dɔdzikpɔhaa tso nya me le aʋatsotso ƒe nyaa ŋu, kple ale si wòna hameawo wɔ ɖeka.

TA 15

’Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’

Dzikpɔla mɔzɔlawo do ŋusẽ hameawo.

TA 16

“Tso Ƒu Va Makedonia”

Nu nyui geɖe dona tsoa eme ne míelɔ̃ wɔ dɔ si wode mía si eye míedo dzi le yometiti me kple dzidzɔ.

TA 17

‘Edzro Ŋɔŋlɔawo Me Kpli Wo’

Paulo ɖi ɖase na Yudatɔ siwo le Tesalonika kple Beroia tsitotsito.

TA 18

“Woadi Mawu, . . . Ne Woake Ðe Eŋu”

Esi Paulo te ŋu de dzesi nu siwo me eya kple eƒe nyaselawo ƒe susu sɔ lea, mɔnukpɔkpɔ kawoe ʋu ɖi nɛ wòɖe gbeƒã?

TA 19

“Yi Edzi Nànɔ Nya La Gblɔm, Eye Ðoɖoe Megazi Le Nuwò O”

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso dɔ siwo Paulo wɔ esime wònɔ Korinto me, be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito?

TA 20

‘Nya La Nɔ Ta Kekem Henɔ Ŋusẽ Kpɔm’ Le Yometitiwo Me

Srɔ̃ nu tso nu siwo Apolo kple Paulo wɔ tsɔ kpe asi ɖe nya nyui si nɔ ta kekem ŋua ŋu.

TA 21

“Ŋutinye Kɔ Tso Amewo Katã Ƒe Ʋu Me”

Dzo le Paulo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, eye wòɖo aɖaŋu na hamemetsitsiwo.

TA 22

“Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Neva Eme”

Esi Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu taa, eyi Yerusalem.

TA 23

“Miɖo To Ne Maɖe Ðokuinye Nu Miase”

Paulo ʋli nyateƒea ta le Sanhedrin la kple ameha si do dziku ɖe eŋu ŋkume.

TA 24

“Lé Dzi Ðe Ƒo!”

Nugbe si woɖo ɖe Paulo ŋu be woawui medze edzi o, eye eʋli eɖokui ta le Felike ŋkume.

TA 25

“Kaisaro Negbugbɔ Nye Nya La Drɔ̃ Nam!”

Paulo ɖo ale si míaʋli nya nyuia ta ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí.

TA 26

“Mia Dometɔ Aɖeke Mabu Eƒe Agbe O”

Paulo ɖe xɔse sẽŋu kple lɔlɔ̃ deto fia esime tɔdziʋu si me wonɔa gbã.

TA 27

‘Eɖia Ðase Tsitotsito’

Togbɔ be Paulo nɔ gaxɔ me le Roma hãa, eyi edzi ɖe gbeƒã.

TA 28

“Va Se Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”

Yehowa Ðasefowo le gbeƒãɖeɖedɔ si gɔme Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dze ƒe 2,000 ye nye esia dzi yim.

Nɔnɔmetatawo

Nɔnɔmetata vevi siwo le agbalẽ sia me dometɔ aɖewo.